Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 13:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ na abei sia bena: Kpɔ ɖa, mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm, eye mele gbe dam amewo ŋu egbe kple etsɔ, eye ŋkeke etɔ̃lia dzi la mawu enu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma be manɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu geɖewo, ayɔ dɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mawu nye dɔ nu, eye maɖo afi si yim mele.

Gade chapit la Kopi




Luka 13:32
16 Referans Kwoze  

Elabena amesi ta nuwo katã ti ɖo, amesi me nuwo katã to va, amesi kplɔ vi geɖewo yi ɖe ŋutikɔkɔe me la, edzee bena, woawɔ wo xɔxɔ ƒe fia la blibo to fukpekpewo me.


eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe,


Elabena se la tsɔa amesiwo gbɔdzɔ la ɖoa nunɔlagãwo; ke atamkaka, si dze se la yome la, ƒe nya ɖo Vi, si wowɔ blibo la, nunɔlagã yi ɖe mavɔmavɔ me.


Yesu ɖo ŋu na wo bena; Dɔwɔwɔ nyui geɖewo mefia mi tso Fofonye gbɔ; dɔwɔwɔwo dome ka ta miele kpe fɔ ge aƒum ɖo mahã?


Eye fia Herodes see; elabena eƒe ŋkɔ ɖi hoo, eye wòbena: Yohanes mawutsidetanamelae tsi tre tso ame kukuwo dome; eyaŋuti ŋusẽwo le dɔ wɔm le eme.


Eƒe amegawo le eme abe dzata ɖegbe ene, eye eƒe ʋɔnuɖrɔ̃lawo le abe amegãxi, siwo le zã me, eye womekpɔtɔa naneke ɖi na ŋdi o la ene.


Israel, wò nyagblɔɖilawo zu abe abeiwo le glikpowo me ene.


Eye esi Yesu xɔ aha tsitsia la, egblɔ bena: Wowu nu vɔ! Eye wòde ta anyi, eye wòtsɔ gbɔgbɔ la na.


Milé abeiwo na mi, abeiviwo, siwo gblẽa weingblewo; elabena míaƒe weingblewo ƒo se.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite