Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 13:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tso de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, vaseɖe esime wo katã ʋã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Eɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.”

Gade chapit la Kopi




Luka 13:21
13 Referans Kwoze  

Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, halase esime wòʋã keŋkeŋ.


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la.


esia ke ŋuti meɖoa ŋu ɖo bena, amesi dze do nyui wɔwɔ gɔme le mia me la, eya ke awu enu vaseɖe Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi,


Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.


ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.


Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.


Ke ame dzɔdzɔe alé eƒe mɔ ɖe asi sesĩe, eye asi dzadzɛ tɔ akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.


Eye wògagblɔ bena: Nuka ŋu matso mawufiaɖuƒe la aɖoe mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite