Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 13:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye esi wògblɔ esiawo la, ŋukpe lé eƒe adikãtɔwo katã, eye ameha la katã kpɔ dzidzɔ le ŋutikɔkɔedɔ, siwo katã wòwɔ la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã, eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le nukunu gã siwo katã wòwɔ la ta.

Gade chapit la Kopi




Luka 13:17
19 Referans Kwoze  

esi dzitsinya nyui le mia si, bene nusi me wogbɔ nya vɔ̃ de mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la.


Mata ŋukpe na eƒe futɔwo, ke eƒe fiakuku aklẽ le ta nɛ.


Ke womayi dzi geɖe wu o, elabena woƒe aɖaʋadzedze la dze ƒã na amewo katã, abe ame mawo tɔ ke hã ene.


Ke esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi la, woɖe asi le wo ŋu, esi womekpɔ naneke woatsɔ ahe to na wo o la ta, le dukɔ la ŋuti; elabena ameawo katã le Mawu kafum le nusi ke va me la ŋuti.


Eye womegado dzi bia nyaa ɖekee o.


eye womekpɔ alesi woawɔ o; elabena dukɔ la katã ku de eŋu hele to ɖomii.


Eye enumake wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le Mawu kafum, eye dukɔ la katã, esi wokpɔe la, wotsɔ kafukafu na Mawu.


Eye womete ŋu gaɖo nusiawo ŋu o.


ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo.


Gbemagbe la Yehowa ƒe atidzedze anye atsyɔ̃ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo, ɖekadzenu na Israel ƒe ame susɔeawo.


Gãnyenye kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.


Nye ketɔwo ata vlododo, eye woado ŋukpe abe awu ʋlaya ene.


Yehowa, nedze ŋuwò naɖem; Yehowa, netsɔ naxɔ nam!


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise eƒe nya la! Mia nɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: „Yehowa nede bubu eɖokui ŋu, ne míakpɔ miaƒe dzidzɔ“ la, ŋukpe alé wo.


wò nyagbɔgblɔ nana blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite