Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 12:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 ke amesi ke gbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, woagbe nu le eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ke ame si ke gbe nu le gbɔnye le amewo gbɔ la, nye hã magbe nu la eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋkume.

Gade chapit la Kopi




Luka 12:9
15 Referans Kwoze  

ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.


ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.


Menya wò dɔwɔwɔwo! Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔtru, si le nuvo la, ɖo ŋkuwò me, eye amea ɖeke mate ŋu atui o; elabena ŋusẽ ʋeea ɖe koe le asiwò, eye nèlé nye nya la me ɖe asi, eye megbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o?


Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!


Amesiame, si sẽ nu le Vi la ŋuti la, eya ke sie Fofo la hã mele o: amesi ke ʋua Vi la me la, eya ke sie Fofo la hã le.


Ke exɔ edzi gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mí o.


Eye azɔ, vinyewo, mina eya me, bena ne eva do la, ne dzi naɖo mia ƒo, eye ŋu nagakpe mí le eƒe ŋku me le eƒe vava la me o.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.


Ke egbe nu le egbɔ gblɔ bena: Nyɔnu, nyemenya eyama o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite