Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 12:48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 eye amesi menyae o, ke wòwɔ nusi dze ƒoƒo la, woaƒoe ʋee. Eye amesiame, si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe le esi; eye amesi wode nu geɖe, esi la, woabia nu geɖe wu le esi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

48 Ame si menya be nane si wɔm yele la nye vɔ̃ o la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ, elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la sɔ gbɔ.”

Gade chapit la Kopi




Luka 12:48
21 Referans Kwoze  

Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti.


Ne amea ɖe da ƒu le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka me, eye menyae o la, eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi.


Ɖe nyemeva ƒo nu kpli wo o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la taflatsedodoa ɖeke mele wo si le woƒe nuvɔ̃ ŋuti o.


Elabena amesi ke nu le esi la, eya woana nui, eye woagbã go ne: ke amesi ke nu mele esi o la, nusi ke le esi la, woaxɔ eya hã le esi.


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me;


le Mawu yayratɔ ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie, si wotsɔ de asi nam la nu.


Eye wòyɔe gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, eye mese esia le ŋuwò mahã? Bu akɔnta le wò xɔnuvinyenye la ŋuti, elabena megale ŋu te ge anye xɔnuvi gbeɖe o.


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


ke eɖe eƒe nya la fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi le gbeƒãɖeɖe, si wòtsɔ de asi nam la me, le Mawu, mía xɔla ƒe sedede la nu,


Ke nenye ame ɖeka koe ɖe ŋu ɖi da ƒu la, ekema wòana gbɔ̃nɔ, si xɔ ƒe ɖeka, woawɔ nuvɔ̃vɔsae.


Eye ne fɔɖila dze ƒoƒo la, ekema ʋɔnudrɔ̃la nana wòatsyɔ akɔ anyi woaƒoe ɖe eƒe vodada la ta, eye ʋɔnudrɔ̃la nanɔ eteƒe axlẽe.


Tete Petro gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, miawoe nèle lo sia dom na loo, alo na wo katã hã mahã?


Meva dzo da ge ɖe anyigba dzi, eye nuka dim mele wu eƒe xoxo xoxo mahã?


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miemia ahosiwo ƒe aƒewo, eye miedaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite