Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 12:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Ke minya esia bena, ne aƒeatɔ anya gaƒoƒo, si dzi fiafitɔ ava la, anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe be, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

39 Ame sia ame anɔ klalo na eƒe vava nenye be wònya ga si me wòle vava ge. Ɖeko wòle abe ale si ame nanɔ ŋudzɔ na fiafitɔ ƒe vava nenye be enya ga si me tututu wòle vava ge ene.

Gade chapit la Kopi




Luka 12:39
7 Referans Kwoze  

Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.


Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.


Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia, nu le la o;


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite