Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 12:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Azɔ, esi miate ŋu le nu suetɔ wɔm o la, nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le nu mamleawo ŋuti mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu?

Gade chapit la Kopi




Luka 12:26
7 Referans Kwoze  

Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.


Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.


Ɖe ŋku ɖe Mawu ƒe ɖɔwo; elabena ameka hadzɔ nusi wòglɔ̃ la?


Eye miawo la, migadi nusi miaɖu alo nusi miano o, eye miaƒe tamesusu naganyama mi o.


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe?


Eye ameka le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã?


Mibu dzogbenyãwo ŋu, alesi wowɔnae: Wometrea ɖeti, alo lɔ̃a avɔ o: ke mele egblɔm na mi bena: Salomo gɔ̃ hã le eƒe ŋutikɔkɔe katã me meɖo atsyɔ̃ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite