Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 12:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 “Enye nyateƒe be, ale ame sia ame si le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la lee nye esi.”

Gade chapit la Kopi




Luka 12:21
14 Referans Kwoze  

Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?


Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.


Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ.


Baba na amesi tafaa ame na eƒe aƒe, ne wòawɔ atɔ ɖe dziƒo ʋĩ, be wòasi le dzɔgbevɔ̃e nu la!


Weinka, si vu dranyi, eye wòtse la, enye Israel; alesi wòtsee la, nenema nu wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖo; alesi eƒe anyigba nã nui la, nenema nu wòwɔ legbawo ɖo.


Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la,


Eyaŋuti, ne miezu nuteƒewɔlawo le anyigbadzinu madzɔmadzɔwo me o la, ameka atso nyateƒenu ade mia si mahã?


Gake baba na mi kesinɔtɔwo; elabena miekpɔ miaƒe akɔfafa la xoxo.


abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


Amea ɖewo ɖoa kesinɔtɔ wo ɖokui, ke agaga hã mele wo si o; amea ɖewo ɖoa ame dahe wo ɖokui, ke nu hɔ ɖe wo si.


Ke amesiwo ɖina be, yewoayi kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsoa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite