Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 11:54 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

54 hele eŋu dzɔm, be woadi nyaa ɖe atso eƒe nu me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

54 be woalée le eƒe nuƒoƒo me.

Gade chapit la Kopi




Luka 11:54
12 Referans Kwoze  

Eye woɖo farisitɔwo kple Herodiatɔwo dome amea ɖewo ɖo ɖe egbɔ, bena ne woalée le nya me.


Eye wo dome ame ɖeka, si nye sefiala la, biae hele etem kpo bena:


Tete farisitɔwo yi, eye wode adaŋu alesi woawɔ, ne woatsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée.


Eye wole eŋu dzɔm, eye wodo adzamenɔla, siwo da alakpa be, yewonye ame dzɔdzɔewo la ɖa, bena woalée le nya me, ne yewoadee asi na fia kple mɔ̃mefia ƒe ŋusẽ?


Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu.


Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo!


Esi Israel-fia xlẽ agbalẽa la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Mawue menye, ne mawu ame agagbɔ agbee, hafi amesia dɔ ame ɖo ɖe gbɔnye, be mayɔ dɔ anyi na ŋutsu sia? Midze sii kokoko be, mɔnu dim wòle le ŋunye.


Eye esi wòdo go tso afima la, agbalẽfialawo kple farisitɔwo lée ɖe do me vevie ŋutɔ, eye wole aɖe dem nu me nɛ le nu geɖewo ŋuti,


Eye womete ŋu lée le eƒe nya me le dukɔ la ƒe ŋku me o, eye woƒe mo wɔ yaa le eƒe ŋuɖoɖo la ŋuti, eye wozi kpi.


Eyaŋuti wò la megalɔ̃ edzi na wo o; elabena wo dome amesiwo de xa ɖe eŋuti la, wowu ŋutsu blane, siwo ƒo ti de wo ɖokui be, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge akpɔ o, vaseɖe esime yewoawu Paulo; eye azɔ la wosu te hele mɔ kpɔm na wò ŋugbedodo la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite