Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 11:49 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

49 Le esia ta hã Mawu ƒe nunya gblɔ bena: Madɔ nyagblɔɖilawo kple apostolowo aɖo ɖe wo gbɔ, eye woawu wo dome ɖewo, eye woati wo yome,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

49 Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu lae nye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo, eye mianya ɖewo de gbe.’

Gade chapit la Kopi




Luka 11:49
27 Referans Kwoze  

Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.


Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo,


ke hena wo amesiwo woyɔ la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, mieɖea gbe ƒã Kristo, si nye Mawu ƒe ŋusẽ kple Mawu ƒe nunya la.


eye esime wokɔ wò ɖaseɖila Stefano ƒe ʋu ɖe anyi la, nye hã mele tsitre ɖe afima, eye wòdze ŋunye, eye medzra amesiwo wui la ƒe avɔwo ɖo.


Ke Saul gblẽ hame la hegena ɖe aƒewo me, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo yi ɖadea gaxɔ me.


eye ɖaseɖilawo da woƒe awuwo ɖe ɖekakpuia ɖe, si woyɔna be Saul la ƒe afɔ nu.


Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.


Woaɖe mi le woƒe ha me, ẽ, gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu.


eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.


Eye mamleawo lé eƒe dɔlawo, wodo vlo wo, eye wowu wo.


Meɖo nye dɔlawo katã, siwo nye nyagblɔɖilawo la, ɖe mi tso gbesigbe mia fofowo ʋu tso Egipte-nyigba dzi vaseɖe egbe, mele wo ɖoɖoɖa dzi gbesiagbe ɖaa;


Ale míenye ɖaseɖilawo, eye miefiaa kpɔɖeŋu be, mia fofowo ƒe nuwɔwɔ la nyo mia ŋu; elabena woawoe wu wo, ke miawoe ɖoa woƒe yɔdowo ɖo.


Eye le ŋkeke siawo me la nyagblɔɖilawo tso Yerusalem va Antioxia.


elabena wòtrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe nu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema.


Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite