Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 11:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye esi amehawo le ƒu ƒom ɖe egbɔ la, ede asi gbɔgblɔ me bena: Dzidzime sia enye dzidzime vɔ̃ɖi; ele dzesi ɖim, eye womele dzesia ɖeke na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Esi amehawo le ƒu ƒom ɖe edzi la, Yesu gblɔ be, “Esia nye dzidzime vɔ̃ɖi si le dzesi dim, gake womana dzesi aɖeke tsɔ wu Yona ƒe dzesi o.

Gade chapit la Kopi




Luka 11:29
19 Referans Kwoze  

Eye bubuwo le etem kpɔ hele dzesi dim tso egbɔ tso dziƒo.


Elabena Yudatɔwo biaa dzesiwo, eye Helatɔwo ɖia nunya yome;


Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Tete wogblɔ nɛ bena: Ekema dzesi ka newɔ, bena míakpɔ, eye miaxɔ dziwò ase mahã? Nuka nèwɔna?


Tete Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Dzesi kawo nèfia mí bena, èwɔ nusiawo mahã?


bena woabia nyagblɔɖila, siwo katã ƒe ʋu woda, ahe tso xexeme ƒe gɔmedzedze ta, atso dzidime sia si me


Eye Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi! Ɣekaɣi dzi manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Kplɔ viwò la va afisi.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.


Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Xezekiel anye kpɔdzidze na mi, eye ne eva me la, miawɔ pɛpɛpɛ, abe alesi wòwɔ ene, eye miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Eye Yehowa ƒe gbe va na Yona, Amitai vi, bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite