Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 11:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 ke ne ŋusẽtɔ wu eya va dze edzi, eye woɖu edzi la, atsɔ eƒe aʋawɔnu blibo, si ŋu wòle dzi ɖom ɖo la, le egbɔ, eye wòamã eƒe aboyonuwo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi, eye woxɔ ŋusẽ le esi la, axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la le esi, eye wòama eƒe nunɔamesiwo.

Gade chapit la Kopi




Luka 11:22
14 Referans Kwoze  

Eyata mana gomee ɖe ame geɖewo dome, eye eya kple kalẽtɔwo amã aboyonu, elabena etso eƒe agbe de ku me, eye wòna wobui kpe ɖe vodalawo ŋu, evɔ wònye ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta hafi.


Ɣemaɣi la Yehowa atsɔ eƒe yi kpekpe gã sesẽ la ahe to na ʋɔ driba, si nye ɖa, si le sisim, kple ʋɔ driba, si nye da xatsaxatsa la, eye woawu boso le atsiaƒu me.


Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.


Viwo, miawo la Mawu me mietso, eye mieɖu wo dzi; elabena amesi le mia me la, etri akɔ wu amesi le xexeame.


Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.


eye wòɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽwo ɖi, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi to me.


Futɔ la gblɔ be: Mati wo yome, matu wo; mamã aboyonuwo me, hafi nye dzi nagbɔ ɖe me; maɖi nye yi, eye nye asi atsrɔ̃ wo!


Ne ŋusẽtɔ la ɖo aʋawɔnuwo me hele eƒe mɔ̃ ŋuti dzɔm la, eƒe nuwo nɔa dedie;


Amesi ke mele dzinye o la, eya tsi tre ɖe ŋunye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, ekana hlẽna.


Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu ano te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu;


Eyata mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite