Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 11:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye nye la, ne menya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo goe to Beelzebul dzi la, ekema mia viwo la, ameka dzie woto nyã wo do goe mahã? Le esia ta woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Eye nenye be miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi.

Gade chapit la Kopi




Luka 11:19
10 Referans Kwoze  

Eye Yohanes xɔ dzi gblɔ bena: Amegã, miekpɔ amea ɖe le gbɔgbɔ vɔwo nyẽm le go dom le wò ŋkɔ dzi; eye miegbe nɛ, elabena mele mía yome o.


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


Egblɔ ne bena: Wò ŋutɔ wò numenya metsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò, dɔla vɔ̃ɖi! Enyae bena, nye la ame sẽŋuta menye, metsɔa nusi nyemeda ɖi o, eye meŋea nusi nyemeƒã o la,


Wò nue le fɔ, bum wò, menye nyee o, eye wò nuyiwoe nye ɖasefowo ɖe ŋuwò.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui?


Ke Yudatɔ dzegowo dometɔa ɖewo, amesiwo nye gbesalawo la, te kpɔ de asi Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔyɔyɔ me ɖe amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la dzi gblɔ bena: Meta Yesu, amesi ŋuti Paulo le gbe ƒã ɖem le la, na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite