Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 10:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye aƒe ma me ke mianɔ, aɖu, eye ano nusi ke le wo si; elabena dɔwɔla dze eƒe fetu. Migatso aƒe me yi aƒe me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 “Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o, elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu.

Gade chapit la Kopi




Luka 10:7
18 Referans Kwoze  

Agbledela, si dzea agbagba la, ele nɛ be, wòatre kutsetse la ƒe ɖe ɖuɖu.


Ke amesi wofiã nui le nya me la, nade ha kple amesi le nu fiam la, le nu nyuiwo katã me.


Eye aƒe, si ke me miage ɖo la, minɔ afima, eye miagadze mɔ atso afima.


Eye wògblɔ na wo bena: Afisi ke miayi ɖe aƒea ɖe me le la, minɔ afima vaseɖe gbesigbe ke miadzo.


Eye wosrɔ̃a kuviawɔwɔ hã henɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me; eye menye, kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm.


Eye wòkplɔ wo yi eƒe me heɖo kplɔ na wo, eye wòkpɔ dzidzɔ kple eƒeme katã bena, yexɔ Mawu dzi se.


Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.


eye mia kple mia viŋutsuwo kpakple mia vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kpakple Lewitɔ, siwo le miaƒe du me, amesiwo mexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe mia ŋu o la, míakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu, ŋku me.


Eye wodo go tso gaxɔ me yi ɖe Lidia ƒe me: eye esi wokpɔ nɔviawo la, woɖe dzi ƒo na wo, eye wodzo.


Eye ne ŋutifafamea ɖe le afima la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agagbugbɔ ava mia dzi.


Mia kple miaƒe ƒometɔwo miekpɔ mɔ aɖui le afisiafi, elabena dɔ, si wɔm miele le Mawu ƒe agbadɔ ŋu la, ƒe fetu wònye.


Eya hã naxɔ adzɔ ma kpli wo, negbe ƒomenu, si amea ɖe dzra la, koe mele eme o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite