Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 10:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Ke Aƒetɔ la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Marta, Marta, èle agbagba dzem, eye nèle fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti, ke nu ɖeka koe le vevie;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Gake Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “O, Marta, Marta, èle agbagba dzem le fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Luka 10:41
13 Referans Kwoze  

Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


eye xexeame ƒe agbagbadzedzewo kple kesinɔnu ƒe beble kpakple nu mamleawo ƒe amedzodzro yina ɖe wo me, eye wotsyɔa nya la dzi, eye wotsia matsematse.


Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Le esia ta mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti nusi miaɖu o, alo le miaƒe ŋutilã ŋuti nusi míado o.


Eye esi ge ɖe ŋuwo me la, woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o.


Elabena nya geɖe li, si dzia toflokonyenye ɖe edzi, ke viɖe ka amegbelɔ kpɔna tsoe eme?


Eye wòva ve me le woƒe mɔzɔzɔ me bena, eyi ɖe kɔƒea ɖe me; eye nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Marta la, xɔe ɖe eƒe me.


Ke Marta le sreɖi dzem le subɔsubɔ geɖe ŋuti, eye wòva tsi tre gblɔ bena: Aƒetɔ, de mètsɔ ɖeke le eme bena, nɔvinye gblẽ nye ɖeka ɖi na subɔsubɔ o mahã? Gblɔe nɛ azɔ, ne woakpe asi ɖe eŋu nam.


Eye amea ɖe le dɔ lém, eŋkɔe nye Lazaro tso Betania, si nye Maria kple nɔvianyɔnu Marta ƒe kɔƒe la.


Eye Yesu lɔ̃a Marta kple nɔvianyɔnua kpakple Lazaro.


Eye wowɔ fiẽnuɖuɖu nɛ le afima, eye Marta subɔ kplɔa ŋuti, ke Lazaro enye amesiwo nɔ kplɔa ŋuti kplii la, dometɔ ɖeka.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite