Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 10:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Ke eya la, esi wòle didim be, yeatso afia na eɖokui la, egblɔ na Yesu bena; Amekae nye hanyevi mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Ŋutsu sia di be yeatso afia na ye ɖokui, elabena eya ŋutɔ melɔ̃a ame sia ame o, eya ta wòbia Yesu be, “Ame kae nye hanyevi?”

Gade chapit la Kopi




Luka 10:29
11 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye amesiwo le afia tsom na mia ŋu tɔwo mia ɖokui le amewo ƒe ŋku me, gake Mawu nya miaƒe dziwo me; elabena nusi nye nu gã le amewo dome la, enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋku me.


Ke edze ƒã bena, wometsoa afia na amea ɖeke to se la me le Mawu ŋku me o; elabena „ame dzɔdzɔe la anɔ agbe tso xɔse me.“


Elabena nenye wotso afia na Abraham tso dɔwɔwɔwo me la, nane le esi, si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu gbɔ o.


Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


Ame etɔ̃ siawo dome la kae nèsusu be, ezu havi na amesi dze adzodalawo si me mahã?


Miekpɔ bena, wotsɔ dɔwɔwɔwo tso afia na ame, eye menye xɔse ɖeɖekoe o.


Tete dzi ku Elihu, Buzitɔ Baraxel ƒe vi, amesi tso Ram-ƒome la me la; Hiob ŋue dzi kui ɖo, elabena ebu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu;


Eye wòyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ dokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga, eye wòadze yonyeme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite