Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 10:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye wògblɔ nɛ bena: Eɖo ŋu nyuie; wɔ esia, eye nakpɔ agbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Yesu gblɔ nɛ be, “Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ, heyi, eye nàwɔ esiawo katã, ekema agbe mavɔ la asu asiwò!”

Gade chapit la Kopi




Luka 10:28
14 Referans Kwoze  

Mena nye ɖoɖowo wo, eye meɖe nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, fia wo.


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo kple sewo ŋu, elabena woana amesi woa wo dzi la, nanɔ agbe. Nyee nye Yehowa.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nèle biayem le nyuie ŋuti mahã? Amea ɖeke mele nyuie o negbe Mawu ɖeka ko; ke ne èle didim bena, yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi.


Exlɔ̃ nu wo, be yeatrɔ wo ɖe wò se la ŋu; ke woda, eye womeɖo to wò se la o hewó nuvɔ̃ ɖe wò kɔnuwo ŋu, evɔ wònye ne amea ɖe wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi. Wotrɔ megbe ɖe wò kɔ̃, eye wosẽ la me hegbe toɖoɖo.


Ke se la metso xɔse me o, hafi boŋ amesi ke wɔ nusiawo dzi la, anɔ agbe le wo me.


Elabena se la ƒe nuwuwu enye Kristo, bene amesiame, si xɔna sena la, nakpɔ dzɔdzɔenyenye.


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


Simon ɖo ŋu gblɔ bena: Mebu xa bena: Amesi wotsɔ geɖe wu kee lae. Eye wògblɔ nɛ bena: Ebui nyuie.


Esi Yesu kpɔ bena, eɖo ŋu na ye nunyatɔe la, egblɔ nɛ bena: Wò la mèle adzɔge tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o. Tso esia dzi la amea ɖeke medo dzi bia nyaa ɖekee o.


Ke wo viwo sẽ to ɖe ŋunye, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, womelé nye sewo me ɖe asi, ne woawɔ wo dzi o, evɔ wònye ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ de wo ŋu le gbea dzi.


Ke Israel ƒe aƒe la sẽ to de ŋunye le gbea dzi; womezɔ de nye ɖoɖowo nu o, wodo vlo nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, eye wogblẽ kɔ do na nye dzudzɔgbewo vevie ŋutɔ. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo de wo dzi le gbea dzi, eye matsrɔ̃ wo.


Eye Yehowa de se na mi bena, míawɔ ɖoɖo siawo katã dzi, míavɔ̃ Yehowa, mía Mawu la, bena wòanyo na mí ɣesiaɣi, ne mianɔ agbe, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Amesi dzraa sedede ɖo la dzraa eƒe agbe ɖo; amesi meléa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu o la, aku?


ke nye la meku, eye wokpɔe bena, se, si wode hena agbe la, eya ke zu ku nam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite