Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:79 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

79 be wòaklẽ na amesiwo bɔbɔ nɔ viviti kple ku ƒe vɔvɔli me, be wòaɖo míaƒe afɔwo ŋutifafa ƒe mɔ dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

79 ne wòaklẽ na ame siwo le viviti me kple ku ƒe vɔvɔli te, ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe mɔ dzi.”

Gade chapit la Kopi




Luka 1:79
36 Referans Kwoze  

Edzi dukɔ la ɖe edzi, eye nena dzidzɔ do gã; wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwò me, abe alesi wokpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi ene, abe alesi wotsoa aseye, ne wòmã aboyonu ene.


dukɔ, si ke nɔ viviti me la, kpɔ kekeli gãa ɖe, eye amesiwo na ku ƒe anyigba dzi kple eƒe vɔvɔli me la, kekeli dze na wo.“


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


elabena tsã la mienye viviti, ke azɔ la míezu kekeli le Aƒetɔ la me.


ne naʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, eye naɖe amesiwo wode gae la, tso ga me, kple amesiwo bɔbɔ no viviti me la, tso gaxɔ me.


Nye la kekeli menye va xexeame, bena amesiame, si xɔa dzinye sena la, mano viviti me o.


Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.


Esi mele xexeame la, xexeame ƒe kekeli menye.


Eɖe wo tso viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, eye wòtso woƒe gawo.


Wobɔbɔ nɔ viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, eye wobɔ pã wo ɖe hiã kple ga me.


ne nagblɔ na gatɔwo be: Mido! eye na amesiwo le viviti me la be: Miva kekeli nu! Woaɖu gbe le mɔ to, eye woƒe gbeɖuƒe anɔ togbɛ ƒeƒlewo katã ta me.


Kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la, li gbɔna ɖe xexea me.


Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃ea ɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.


kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.


Eye womegblɔ be: Afika Yehowa, amesi kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la le hã o; eya amesi kplɔ mí to gbe dzi, to kuɖiɖinyigba kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi, to anyigba, si dzi amea ɖeke metona o, afisi amegbetɔa ɖeke mele o la dzi.


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Mana ŋkuagbãtɔwo nazɔ mɔ, si Womenya o la dzi, eye makplɔ wo ato toƒe manyamanyae, mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye kpoƒeewo nazu zɔzrɔ̃e. Nusiawo wo ge mala, eye nyemadzudzɔe o.


eye womenya ŋutifafamɔ la o.


Ale Yehowa gblɔ esi: Miyi mowo dzi, miɖo ŋku anyi, eye mibia blema mɔwo ta se be, mɔ kae nye nyuia hã, eye mizɔ edzi, ne miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. Ke woawo ɖo ŋu be: Miele edzi to ge o.


Womenyaa ŋutifafa mɔ la o, eye nu dzɔdzɔea ɖeke menɔa wo toƒe o, woglɔ̃a woƒe mɔ, eye amesi toa eɖzi la, menyaa ŋutifafaa ɖeke o.


Yehowa be: Ŋutifafaa ɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.


Míaƒe dzi mefe ɖa o, eye míaƒe afɔɖede mete ɖa le wò mɔ dzi o.


Ŋutsu kae vaa Yehowa? Eya wòafia mɔ, si wòatsɔ lae.


Eƒe mɔwo nye mɔ vivi, eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa.


anyigba, si dzi viviti do ɖo kpekpekpe, eye wòtɔtɔ hɔlɔhɔlɔ, eye ne ŋu ke la, ele abe blukɔ ene.


Ale Yehowa, wò xɔnametɔ, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to ma, si dzi nato la.


Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi zɔm mele kple nu dzɔdzɔe ƒe toƒe,


Viviti kple blukɔ negbugbɔe yii, alilikpo dodo netsyɔe edzi, eye zãdokeli neɖo dzikatsoƒoe nɛ!


Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite