Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:69 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

69 eye wòna xɔxɔ ƒe dzo do na mí le Dawid, eƒe dɔla, ƒe me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

69 Eɖo ɖeɖe ƒe ŋusẽ anyi na mí le eƒe dɔla, David ƒe aƒe me

Gade chapit la Kopi




Luka 1:69
23 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ bena: Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o;


Ɣemaɣi la mana Israel ƒe aƒe la nato dzo, eye maʋu nu na wò le wo dome, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Mawu enye nye ɣaɣlaƒe, amesi gbɔ mebe ɖo nye akpoxɔnu kple nye xoxo ƒe lãdzo, nye mɔ̃ sesẽ kple nye sitsoƒe kpakple nye xɔla, amesi ɖem tso ŋutasẽlawo si me.


Yehowa atsrɔ̃ eƒe futɔwo, eye wòaɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu anyigba ƒe mlɔenuwo. Ana ŋusẽ eƒe fia, eye wòana eƒe amesiamina la ƒe dzo nado lɔƒuu!


Woatso aseye le wò ŋkɔ me gbawotsyogbe, eve woado wò ɖe dzi le wò dzɔdzɔenyenye me.


Eye Xana do gbe ɖa gblɔ bena: Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me, eye nye dzo do lɔƒuu le Yehowa me, nye nu ké baa ɖe nye futɔwo ŋu, elabena wò ɖeɖe ladzɔ dzi nam!


Woayra mía fofo Dawid ƒe fiaɖuƒe, si gbɔna la! Hosana le dziƒo ʋĩ!


Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla lã, bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi hena hameawo. Nyee nye Dawid ƒe ke kple eƒe ƒome, ŋukeɣletivi keklẽ la.


Le ɣemaɣi la mafɔ Dawid ƒe agbadɔ gbagbã la de tsitrenu, eye matre eƒe gbagbãƒewo, mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye matui abe tsã ene;


Yesu Kristo, si nye Dawid vi, amesi nye Abraham vi la, ƒe dzidzimegbalẽ.


Elabena megblɔ be: Woatu amenuveve la ɖe dziƒo tegbee, eye àli ke wò nuteƒewɔwɔ ɖe afima.


Ke nyemele fiaɖuƒe blibo la du ge o, hafi boŋ matsɔ to ɖeka na viwò le nye dɔla Dawid kple Yerusalem, si metia la ta.


Ekema wò ŋkɔ ade du tegbee, eye woagblɔ be: Yehowa Zebaot enye Mawu ɖe Israel nu, eye wò dɔla Dawid ƒe aƒe nali ke le ŋkuwò me!


ke boŋ woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid, amesi ɖo ge mala na wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite