Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Le Herodes, si nye Yudea-fia, ƒe ŋkekewo me la mawununɔlaa ɖe li, eŋkɔ enye Zaxarya, si tso Abiya ƒe ŋkekeɖoɖo me, eye srɔ̃a tso Aron ƒe vinyɔnuviwo dome, eye eƒe ŋkɔ enye Elisabet.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Le Herod si nye Yudea fia ƒe ŋkekewo me la, nunɔla aɖe si woyɔna be Zekaria nye nunɔlawo ƒe ha si woyɔna be Abiya la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zekaria srɔ̃ Elizabet hã tso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye wònye Aron ƒe dzidzimevi.

Gade chapit la Kopi




Luka 1:5
7 Referans Kwoze  

adrelia dze Hakoz dzi, enyilia dze Abiya dzi,


Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena:


Esia nye woƒe ɖoɖomewo hena woƒe dɔwɔwɔ, ne woayi Yehowa ƒe aƒe la me le ɖoɖo, si wo fofo Aron do na wo la nu, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se nɛ ene.


Sixri na Abiya, Piltai na Minyamin-Moadya;


Ido, Ginetoi, Abiya.


Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.


Eye le ŋkeke siawo megbe la srɔ̃a Elisabet fɔ fu, eye wòɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ hegblɔ bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite