Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 bena ekpɔ eƒe dɔlanyɔnu ƒe bɔbɔnyenye ɖa; elabena kpɔ ɖa, tso esia dzi la ƒomewo katã woayɔm be yayrame,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

48 Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔla sia ƒe ame gblɔe nyenye, eye tso azɔ dzi yina la, woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi dzidzime.

Gade chapit la Kopi




Luka 1:48
19 Referans Kwoze  

Elabena Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔgba.


Eye dukɔwo katã akafu mi, elabena mianye anyigba dzeani, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Eye wòva ve me, esi wògblɔ nusiawo la, nyɔnua ɖe kɔ eƒe gbe dzi le ameha la dome gblɔ nɛ bena: Woayra dɔ, si me nènɔ, kple no, si nènɔ.


Eya, amesi ɖo ŋku mía dzi, esime wòbɔbɔ mí ɖe anyi, elabena eƒe amenuveve li tegbee;


eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la!


Eye esi mawudɔla va me le egbɔ la, egblɔ nɛ bena: Medo gbe na wò, wò amesi nu wòve! Aƒetɔ la li kpli wò.


Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li. Ke melé ŋku ɖe amesiwo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu.


Azɔ ale nagblɔ na nye dɔla Dawid enye si: Gbe, si Yehowa Zebaot do enye si: Mekplɔ wò tso lãnyiƒe le alẽwo yome, be naɖu amegã ɖe nye dukɔ Israel nu!


Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.


Tete Lea gblɔ bena: Mekpɔ dzɔgbe nyui! Azɔ vinyɔnuwo akafum bena, dzɔgbenyuitɔ menye. Eyata wòna ŋkɔe be Aser.


Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me,


Eƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke alesi ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui.


Eye Woayra wò, amesi xɔe se, elabena woawu nusiwo wogblɔ na wò tso Aƒetɔ gbɔ la nu.


bena ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam, eye kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite