Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye wòva me bena, esi Elisabet se Mana ƒe gbedoname ko la, via ho le eƒe dɔ me; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũ,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Esi Elizabet se Maria ƒe gbedodo nɛ ko la, vidzĩ si le dɔ me nɛ la ʋã kple dzidzɔ, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet me fũu.

Gade chapit la Kopi




Luka 1:41
15 Referans Kwoze  

Eye fofoa Zaxarya yɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe, eye wògblɔ ɖe anyi bena:


Elabena kpɔ ɖa, esi wò gbedoname ɖi ɖe nye to me la, ɖevi la ho le nye dɔ me le dzidzɔ ŋuti.


Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke.


Tete Petro, amesi Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ fũ la, gblɔ na wo bena: Mi dukɔ la ƒe dziɖulawo kple Israel-amegãwo!


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.


Ke eya la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la vɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la azi, eye mese gbe gãa ɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena:


Elabena wòe hem tso dɔ me, eye nèna menɔ ɖanye ƒe no nu bɔkɔɔ.


Ke esi ɖeviawo le ŋu ɖom wo nɔewo le eƒe dɔ me la, egblɔ bena: Ne ele alea la, nukaŋuti megale agbe ɖo? Eye wòyi ɖabia Yehowa se.


Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


Eye Yesu, esi wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, egbugbɔ tso Yordan nu, eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi gbedzi,


eye woge ɖe Zaxarya ƒe me, eye wòdo gbe na Elisabet.


eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la!


Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite