Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 elabena ɖevi la anye gã le Aƒetɔ la ŋkume. Mano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eme taŋtaŋtaŋ hafi woadzii gɔ̃ hã, eye

Gade chapit la Kopi




Luka 1:15
22 Referans Kwoze  

Hafi mava mè wò ɖe ɖɔ me la, menya wò, mekɔ ŋuwò, hafi nèdo tso dɔ me, eye metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.


Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,


Ke esime wòdze Mawu, si tiam le danye ƒe dome ke, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm la ŋu,


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.


Elabena Yohanes, mawutsidetanamela va, meɖua abolo o, menoa aha o, eye miegblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ le eme.


Gbemagbe Yehowa do kɔkɔ Yosua le Israel blibo la ŋku me, eye wovɔ̃e le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, abe alesi wovɔ̃ Mose ene.


Mele egblɔm na mi bena: Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke mewu Yohanes o: ke amesi nye suetɔ le mawufiaɖuƒe la me la, wu eyama.


Menɔ anyi kpli wò le afisiafi, si neyi, eye metsrɔ̃ wò tutɔwo katã da le ŋgɔwò; eye mede ŋkɔ ŋuwò abe amegã, siwo le anyigba dzi la ƒe ŋkɔwo ene.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Madze gɔme egbe ade asi gãɖoɖo me wò le Israel blibo la ŋku me, ne wòadze sii be, alesi mena kple Mose la, nenema ke mana kpli wò hã.


Yehowa Zehaot akpa wo ta, be woaɖu wo, eye woanyã avuzi le akafokpewo dzi, woano nu anɔ ɣli dom abe weinmulawo ene, eye woayɔ banaa abe vɔsalre kple vɔsamiekpul ƒe dzogoewo ene.


Nefae na Yehowa, axɔ nɛ, eye wòaɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.


Kesinɔnu kple bubu tso gbɔwò, eye nèɖu fia ɖe nusianu dzi; gãnyenye kple ŋusẽ le asiwò me, eye gbɔwò wòtsona be, amea ɖe nazu gã, eye woakpe ŋusẽ.


Ke fofoa gbe, eye wògblɔ bena: Menyae, vinye, menyae! Eya hã ava nye dukɔ, eye wòasẽ ŋu. Gake nɔvia ɖevitɔa asẽ ŋu awui, eye eƒe dzidzimeviwo anye dukɔ gã.


Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.


Ne mia kple viwòŋutsuawo miele Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, migano wein alo aha muamea ɖeke o, bena miagaku o. Ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.


Ke woɖo ŋu bena: Miele wein no ge o, elabena mía fofo Yonadab, Rexab vi, de se na mi bena: Mia kple mia viwo migano wein gbeɖe o;


Eye wòanye dzidzɔ kple aseyetsotso na wò, eye ame geɖewo adzo dzi le eƒe dzidzi ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite