Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.

Gade chapit la Kopi




Luka 1:13
27 Referans Kwoze  

eye wògblɔ bena: Kornelio, wose wò gbedodoɖa, eye woɖo ŋku wò dɔmenyowɔwɔwo dzi le Mawu ƒe ŋku me.


Yehowa ɖo ŋku Xana dzi, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi etɔ kple nyɔnuvi eve. Ke Samuel ɖevi la tsi le Yehowa gbɔ.


amesi na konɔ la nɔa aƒe me, ne wòakpɔ dzidzɔ ahe vidada ene. Mikafu Yehowa!


Ke Isak, ƒo koko na Yehowa le srɔ̃a ta, elabena etsi ko. Eye Yehowa ɖo to eƒe kokoƒoƒo la, eye srɔ̃a Rebeka fɔ fu.


Eye esi wotso aʋa nɛ le ŋkeke enyilia dzi la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Yesu, abe alesi mawudɔla yɔe ɖi, hafi wòfɔ eƒe fu ene.


Meda akpe na wò, be nèɖo tom, eye nènye xɔnametɔ nam.


Ɖe nane sesẽ na Yehowa? Le ƒe, si gbɔna ƒe woleawoɣi la, magato ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ Sara si.


Enumake Yesu ƒo nu na wo gblɔ bena: Miaƒe dzi nèdze me, nye enye esi; migavɔ̃ o hee!


Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.


Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele.


Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va.


Ke Yehowa gblɔ nɛ bena: Ŋuwo nafa, megavɔ̃ o, mele kuku ge o!


Nye nubabla, si le mia kpli mi kple megbewòviwo dome, si me dim mele be, mialé ɖe asi la, enye esi: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome!


Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Mana! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ.


Eye mete de nyɔnu nyagblɔɖila ŋu wòto fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Tete Yehowa gblɔ nam be: Yɔ eƒe ŋkɔ be „Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!“


Eye wògafɔ fu dzi nyɔnuvi. Tete wógblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ na be „Amemalɔ̃e,“ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe la atsɔe anɔ wo kem ɖaa o.


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ nɛ be Yezreel; elabena ekpɔtɔ vie mahe to na Yezreel ƒe hlɔ̃dodo ɖe Yehu ƒe aƒe la ŋu, eye matsi Israel ƒe aƒe ƒe fiaɖuƒe la nu.


Eye wògblɔ na wo bena: Dzidzi megaƒo mi o! Yesu, Nazaretetɔ, amesi woklã ɖe ati ŋuti la, dim miele; etsi tre, mele afisia o, mikpɔ afisi wotsɔe mlɔ la ɖa!


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


Eye wòanye dzidzɔ kple aseyetsotso na wò, eye ame geɖewo adzo dzi le eƒe dzidzi ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite