Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye esi Zaxarya kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Esi Zekaria kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi.

Gade chapit la Kopi




Luka 1:12
9 Referans Kwoze  

Esi Gideon kpɔ bena, Yehowa ƒe dɔlae la, egblɔ bena: Alele, Aƒetɔ Yehowa! Elabena mekpɔ Yehowa ƒe dɔla ŋku me kple ŋku me.


Manoax gblɔ na srɔ̃a bena: Miele kuku ge, elabena miekpɔ Mawu!


Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ


Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.


Ke eƒe dzi lã kpo le nya la ŋuti, eye wòde ŋugble sẽ bena: Nuka gbedoname gɔ̃ enye esi!


Eye esi woyi ɖe yɔdo la me la, wokpe ɖekakpuia ɖe le nuɖusi gome le anyinɔƒe, eye wòdo awu ɣi ʋlaya, eye dzidzi ƒo wo.


Nye Daniel ɖeɖekoe kpɔ ŋutega sia, ŋutsu, siwo le ŋunye la, mekpɔ ŋutega lã o, ke boŋ ŋɔdzi gãa ɖe lé wo, eye wosi, be woaɣla wo ɖokui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite