2 ne nadzra tamebubu ɖo, eye wò nuyiwo nalé sidzedze ɖe asi.
2 be nànya nu si nàwɔ eye wò nuyiwo adzra gɔmesese ɖo
Nugɔmesela ƒe dzi nana eƒe nù dzea nunya, eye eƒe nuyiwo dzia nufiame ɖe dzi.
Nunyalawo ƒe nuyiwo le dzodzo dom sidzedze; ke bometsilawo ƒe dzi metoa mɔ ɖeka o.
Ŋugbetɔ, anyitsi le tsyɔtsyɔm le nuyi ŋu na wò; anyitsi kple notsi le wò aɖe te; wò avɔwo me ƒe ʋeʋẽ le abe Libanon ƒe ʋeʋẽ ene.
Nunyala ƒe aɖe hea sidzedze vɛ; ke bometsitsi doa go tso bometsila nu gbẽgbẽgbẽ.
Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi kplɔa ame geɖewo; ke numenya wua bometsilawo.
Matsɔ nye nuyiwo axlẽ wò nu me ɖoɖowo katã afia.
Nye nu axlẽ wò dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi; elabena womele xexlẽ me nam o.
Nya nyuiwo le fiefiẽm le nye dzi me wlɔwlɔwlɔ. Mebe: Nye hawo nye fia la tɔ; nye aɖe enye amesi bi ɖe nuŋɔŋlɔ me la, ƒe nuŋlɔti.
Sika kple adzagba geɖewo li; ke sidzedze ƒe nuyiwo la, nu veviwo wonye.
Vinye, megana woate da le ŋkuwò me o; le nunya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesie;