Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 3:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Meganye nunyala le ɖokuiwò ŋku me o, vɔ̃ Yehowa, eye natsri va;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Mèganye nunyala le wò ŋutɔ wò ŋkume o, ke boŋ vɔ̃ Yehowa eye nàtsri vɔ̃.

Gade chapit la Kopi




Lododowo 3:7
19 Referans Kwoze  

hegblɔ na amegbetɔwo be: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃ enye nunya, eye vɔ̃tsitsri enye gɔmesese.


Midi nu ɖeka ma ke hena mia nɔewo; màgaɖi nu kɔkɔwo yome o, hafi mibɔbɔ mia ɖokui na ame bɔbɔɖeanyiwo boŋ.


Ele ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.


Ŋutsua ɖe nɔ Uz-nyigba dzi, si ŋkɔ nye Hiob. Ŋutsu sia nye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.


Lɔlɔ̃ kple nyateƒe wotsɔna léa avu vodada, eye Yehowa-vɔvɔ̃ wotsɔna tsria vɔ̃e.


Mina míase nyaawo kalã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔtvo katã tɔ!


Baba na amesiwo bua wo ɖokui nunyalawoe, eye wonye nugɔmeselawo le woawo ŋutɔwo ŋku me.


Yehowa-vɔvɔ enye agbevudo, ne woaƒo asa na ku ƒe mɔ̃.


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Anyigba dzi kpɔla tsãtó, siwo nɔ ŋgɔnye la, do agba na dukɔ la, eye woxɔa abolo kple wein wòwu klosalo sekel blane le wo si gbesiagbe, eye woƒe ɖekakpuiwo hã se ŋuta le dukɔ la ŋu; ke nye la nyemewɔ alea o, le vɔvɔ̃ na Mawu ta.


Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, elabena Mawu ɖe wòva mia do ge akpɔ, bena vɔvɔ̃ nanɔ eŋu le mia dome, ne miagawɔ nuvɔ̃ o.


Tete Dawid tsi tre tso anyigba, eye wòle tsi, si ami heɖo li eƒe awuwo, eye wòyi Yehowa ƒe me hede ta agu; emegbe wòva eƒe me, eye wòbia be, woatsɔ nuɖuɖu aɖo ye kɔ me, eye wòɖu nu.


Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.


Nunyala vɔ̃na, eye wòtsria vɔ̃; ke bometsila nyrãna, eye wòɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu.


Meganɔ kutri kum, be nakpɔ ho o; dzudzɔ wò tameɖoɖo sia!


Ɖo eŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne magabu eɖokui nunyalae o.


Kesinɔtɔ bua eɖokui nunyalae; ke ame dahe nugɔmesela le egɔme kpɔm.


Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae; ke amesi zɔna le nunya me la, woaɖee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite