Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 3:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.

Gade chapit la Kopi




Lododowo 3:6
27 Referans Kwoze  

Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi.


Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nam la wò; made aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.


Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.


Amegbetɔ ƒe dzi susua eƒe mɔ ŋu; ke Yehowa ye fiaa mɔ eƒe afɔɖeɖe.


Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mo kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋuta si me wòle, ne eƒe azɔlime nato ma ɖeka o.


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


eye miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.


Ale Yehowa, wò xɔnametɔ, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to ma, si dzi nato la.


eye nusianu, si ke miewɔna la, mi wɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o,


Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


Wò dzi megaʋa ŋu nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ neʋã ŋu Yehowa-vɔvɔ̃ ɣeawokatãɣi.


Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu,


Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mati adzoha sia yomea? Eye matu woa? Eɖo ŋu nɛ bena: Ti wo yome, elabena èle wo tu ge, eye axɔ ameawo!


Menyae le dzɔdzɔenyenye me, eye mala eƒe mɔwo katã. Eyae atso nye du la, eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋu, menye le ga alo nunana ta o; Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Oo Aƒetɔ, ke wò to de wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple wò dɔla, siwo wò ŋkɔ vɔvɔ dzrona la ƒe gbedodoɖa ŋu, na wòadze edzi na wò dɔla egbea dzro, eye nana ŋutsu sia nave enu! Fia ƒe ahakula menye.


Fia la gblɔ nam be: Nuka biam nèle? Tete mede gbe ɖa na dziƒo Mawu la,


Woakafu Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, si ɖe nusia dzi me na fia la, be wòaɖo atsyɔ̃ na Yehowa ƒe xɔ le Yerusalem,


Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;


Ne alilikpo la tsi nɔƒea dzi ŋkeke ʋeea de ko la, ekema wotsia asaɖa la me le Yehowa ƒe sedede nu, eye wohona le Yehowa ƒe sedede nu.


Tete nye Mawu dee dzi me nam be, maƒo bubumewo, amegãwo kple dukɔ la nu ƒu, ne maŋlɔ woƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomeawo nu. Eye mekpɔ amesiwo gbɔ zi gbãtɔ la ƒe dzidzimegbalẽ, eye ale woŋlɔ ɖe eme enye si.


Ame maɖifɔ ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ na; ke ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ tsɔnɛ ƒua anyi.


ne Yehowa, wò Mawu la, nafia mɔ, si dzi míato kple nusi míawɔ la mí.


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe to mo ɖeka, eta ame dzɔdzɔe ƒe mo wòdzɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite