Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be ti, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,

Gade chapit la Kopi




Lododowo 3:1
31 Referans Kwoze  

Ele nunya, ƒle gɔmesese! Megaŋlɔe be o, eye megate ɖe aga tso nye nu me nyawo ŋu o.


Nye dzeme akɔ ɖewò ɖoɖowo ŋu, nyemaŋlɔ wo be o.


Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ ɖawò ƒe nufiame ɖi o;


Nyemaŋlɔ wò sewo be tegbee o, elabena woawo nétsɔ gbɔ agbem.


Na gɔmesesem, ne malé ŋku ɖe wò se la ŋu, eye malé eme ɖe asi tso dzi blibo me.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.


Milé se, siwo katã meɖe na mi egbea la me ɖe asi, eye miwo wo dzi, bena miano agbe, míadzi ɖe dzi, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo la wòanye mia to.


Kpɔ nye hiã ɖa, eye naɖem, elabena nyemeŋlɔ wò se la be o.


Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.


Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.


Metra abe alẽ bubu ene; di wò dɔla, elabena nye ŋku medzo le wò seawo dzi o.


Eyata mikpɔ nyuie, ne miagaŋlɔ nusi Yehowa, mia Mawu bia kpli mi la be o, eye migawɔ legba alo nusiwo Yehowa, wò Mawu, tsri na mi la, ƒe nɔnɔmea ɖeke na mia ɖokui o.


Ne magano aha aŋlɔ se la be, eye wòatrɔ gbo nya na hiãtɔwo katã o!


Fɔ, fɔ, Yerusalem, tso, wò, si no dɔmedzoekplu tso Yehowa si me, èno kplu muame la kpɔ egɔme ƒiaƒiaƒia.


ke mevea ame akpe nane, siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi la nu.


Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye mana wòakpɔ nye xɔname.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe kawo ɖe to ɖem, ke nye ŋku medzo le wò se la dzi o.


Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ,


Nufiafia nyui mele tsɔtsɔm na mi, migagblẽ nye nufiame ɖi o.


Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.


Vinye, tsɔ wò dzi nam, eye nye mɔwo nedze wò ŋkuwo ŋu.


Bu fofowò kple dawo, abe alesi Yehowa, wò Mawu, ɖe se na wò ene, bena nanɔ agbe didie, eye wòanyo na wò le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.


Womegate ɖa le ŋkuwò me o, dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeaƒe.


Ɖe nunya mele ɣli dom, eye gɔmesese ƒe gbe mele ɖiɖim oa?


Nunya tu xɔ, eye wòkpa eƒe sɔti adreawo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite