Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 21:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ne wohe to na fewuɖula la, ekema amebebewu dzea nunya; ke ne wofia nu nunyala la, edzea si nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ne wohe to na fewuɖula la, bometsilawo dzea nunya; ne wofia nu nunyala la, sidzedze sua esi.

Gade chapit la Kopi




Lododowo 21:11
17 Referans Kwoze  

Ne èƒo fewuɖula la, ekema eme bebewu adze nunya; ne woke mo na nugɔmesela la, ekema adze si nu.


Nugɔmesela ƒe dzi kpɔa sidzedze, eye nunyala ƒe to dia sidzedze yome.


Na nu nunyala, eye wòaganya nu ɖe dzi; fia nu ame dzɔdzɔe, eye wòadzi eƒe nunyanya ɖe dzi.


Ke esi Anania se nya siawo la, edze anyi, eye eƒe agbe nu tso. Eye vɔvɔ̃ gã dze amesiwo katã se nusiawo la dzi.


Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.


Eye le gaƒoƒo kema ke me la anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ewolia mũ dze anyi, eye wowu ame akpe adre le anyigbaʋuʋu la me, eye susɔeawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.


Nugɔmesela ƒe dzi dia sidzedze; ke bometsilawo ƒe nu meɖena le bometsitsi ŋu o.


ne nunyala nasee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi, eye mɔ sɔsɔe nasu nugɔmesela si;


Emegbe dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee wòaku. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme, eye Israel blibo la nasee, eye woavɔ̃.


Ele be, naƒu kpee woaku, elabena edi be, yeana natrɔ le Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi la yome;


Eye Israel blibo la katã, amesiwo ɖe to ɖe wo la, si le woƒe ɣlidodo la ta; elabena wobu be, anyigba le yewo hã mi ge.


Amesi le mɔnu fiam fewuɖula la, kplɔa ŋukpe ƒua eɖokui, eye amesi le mo kam na ame vɔ̃ɖi la, dzu wònyena nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite