Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ekema ase dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe kple nuteƒewɔwɔ gɔme; mɔ nyuiwo katã gɔme nase;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ekema àse nu si nyo, le dzɔdzɔe eye wòdze la gɔme, ɛ̃, àse mɔ nyui ɖe sia ɖe gɔme,

Gade chapit la Kopi




Lododowo 2:9
16 Referans Kwoze  

Ale Yehowa gblɔ esi: Miyi mowo dzi, miɖo ŋku anyi, eye mibia blema mɔwo ta se be, mɔ kae nye nyuia hã, eye mizɔ edzi, ne miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. Ke woawo ɖo ŋu be: Miele edzi to ge o.


Ale Yehowa, wò xɔnametɔ, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to ma, si dzi nato la.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Medze nunya wu nye nufialawo katã, elabena wò ɖaseɖiɖiwo nye nye ŋugbledede.


Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nam la wò; made aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.


Ametoƒe kple mɔ tata anɔ afima, si woayɔ be „mo tata kɔkɔe.“ Ame makɔmakɔa ɖeke mato edzi o; woawo ɖeɖeko tɔ wòanye. Amesi ke to edzi la, matra mo o, keke gegemewo ke hã.


Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.


Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi zɔm mele kple nu dzɔdzɔe ƒe toƒe,


Nu vɔ̃ɖi wɔlawo mesea nu dzɔdzɔe wɔwɔ gɔme o, ke amesiwo dia Yehowa la, sea nuwo katã gɔme.


Ŋutsu kae vaa Yehowa? Eya wòafia mɔ, si wòatsɔ lae.


Ne ele yiyim la, wò atame maxaxa o, eye ne èle ɖu dzi la, màkli nu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite