Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 ne édii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 ne èdii abe klosalo alo kesinɔnu si woɣla ene la,

Gade chapit la Kopi




Lododowo 2:4
20 Referans Kwoze  

Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi amea ɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.


Eye amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.


Aleke gbegbe nunyakpɔkpɔ mehenyo wu sikae, ete gɔmesesekpɔkpɔ meheƒo klosalo tae o!


Amesiwo le ku dzɔm, ke meva o, eye wole ŋu tsom nɛ wu kesinɔnuwo;


Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Ƒle nyateƒe, nunya, amehehe kple gɔmesese, eye megatsɔ wo dzra o!


Eyatae melɔ̃a wò seawo wu sika kple sika nyuitɔ ɖo.


Wò nu me sewo nyo nam wu sika kple klosalo akpe nanewo.


Mekpe dzidzɔ ɖe wò ɖaseɖiɖi ƒe mɔwo ŋu abe ɖe kesinɔnu vovovowo ŋu ene.


Yehowa vɔvɔ̃ dza, eye wònɔa anyi daa; Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe, wo katã wodzɔ.


ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la,


Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.


Gbemagbe ke Isak ƒe dɔlawo va gblɔ nɛ le vudo, si woɖe la ŋuti be: Mieke ɖe tsi ŋu!


Nunya ƒe gɔmeloto enye be, woaƒle nunya, eye natsɔ wo kesinɔnuwo katã aƒle gɔmesesee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite