Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 2:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 ne ètrɔ to ɖe nunya ŋu hetsɔ wò dzi na gɔmesese,

Gade chapit la Kopi




Lododowo 2:2
15 Referans Kwoze  

Trɔ wò dzi ɖe amehehe ŋu kple wò to ɖe sidzedze ƒe nyawo ŋu.


Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.


Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu nado mía si!


Amesi to senu li nɛ la, nesee.


Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.


Esi meɖo nye tame anyi, be madze si nunya, eye makpɔ nuwɔwɔ, siwo dzɔna le anyigba dzi ɖa la, — elabena ŋkeke kple zã amegbetɔ ƒe ŋku mekpɔa alɔ o —


Nusiawo katã mekpɔ, eye melsɔ nye tame ɖo nuwɔwɔ, siwo katã dzɔna le ɣea te, le ɣeyiɣi, si me amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi bena woƒe dzɔgbevɔ̃e la ŋuti.


Eye metrɔ hetsɔ tame ɖo anyi, be madze si nunya kple tamebubu, madzro eme, eye madii, ne manyae be, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la bometsitsi wònye, eye lãnyenye la aɖaʋadzedze wònye.


Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.


ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la,


Mi viwo, mise fofowo ƒe amehehe, mido ŋku anyi, ne miadze si gɔmesese.


Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu, eye naƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒo ŋu.


Gake amesi wɔ ahasi kple nyɔnua ɖe la, tagbɔ gbegblẽtɔ wonye; amesi le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe la, eyae wɔa ale nusia tɔgbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite