Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 19:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Amesi ƒle nunya la, laa eƒe agbe, amesi dzra gɔmesese do la, eƒe asi tu nu nyui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ame si, si nunya su la lɔ̃a eya ŋutɔ ƒe luʋɔ eye ame si melɔ̃a nu le gɔmesese gbɔ o la, nu dzea edzi nɛ.

Gade chapit la Kopi




Lododowo 19:8
17 Referans Kwoze  

Amesi léa to de nya ŋu la, eƒe esi sua nyui dzi; amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woayrae!


Agbeti wònye na amesiwo lee ɖe asi, eye woayra amesi vãe goŋgoŋ la.


Megaɖe asi le eŋu o, ekema adzra wò ɖo; lɔ̃e, ekema akpa tawò.


Elabena amesi le didim be, yealɔ̃ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, nekpɔ eƒe aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple eƒe nuyiwo dzi, bene woagagblɔ alakpanya o;


Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem: amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nyẽ ŋutɔ ɖokuinye afiae.


Elabena enye, nenye be, nèdzra wo ɖo ɖe wò dzi me, eye wo katã woli ɖe nuyi ŋu na wò.


Nukata bometsila lé ga ɖe asi be, yeaƒle nunyae, evɔ tagbɔ mele esi o ɖe!


Womegate ɖa le ŋkuwò me o, dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeaƒe.


efia num gblɔ nam bena: Wò dzi neku ɖe nye nyawo ŋu, dzra nye sededewo ɖo, ekema anɔ agbe.


Vinye, megana woate da le ŋkuwò me o; le nunya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesie;


Wovena wu sika kple sika nyuitɔ geɖe, eye wovivina wu anyitsi kple anyiɖaɖa.


Amesi ke lɔ̃a eƒe agbe la, abui: eye amesi ke léa tu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo ɖi hena agbe mavɔ.


Mana dzi yeye mi, eye maɖe gbɔgbɔ yeye mia me, maɖe kpedzi la le miaƒe dɔ me, eye mana lãkusidzi mi.


Aʋatsoɖasefo metsi tomahe o, eye amesi nu alakpa doa le le atsrɔ̃.


ekema woanye agbe na wò kple atsyɔ̃ɖonu na wò kɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite