Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 18:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Afisi ame vɔ̃ɖi va la, vlododo, alɔmeɖeɖe kpakple ŋukpe vana.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ne vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va la, vlododo kplɔnɛ ɖo eye ne alɔmeɖeɖe va la, ŋukpe dzea eyome.

Gade chapit la Kopi




Lododowo 18:3
14 Referans Kwoze  

Ne ènyã vlodola ɖa la, ekema dzrewɔwɔ hã dzo, eye nyawɔwɔ kple dzu nu yi.


Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la va dzudzɔ ɖe mia dzi; ame mawo gbɔ la wogblɔ busunya ɖe eŋuti, ke mia gbɔ la wokɔ eŋuti.


Ne ame vɔ̃ɖiwo dzi ɖe dzi la, vodada dzina ɖe edzi; ke ame dzɔdzɔewo akpɔ woƒe anyidzedze ɖa.


Afisi dàda le la, afima ŋukpe hã le; ke amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le?


esia wɔ yaa na wo bena, mieƒu du kpli wo yi ɖe nu vlo wɔwɔ ma ke ƒe ba me o, eye wole busunyawo gblɔm le mia ŋuti;


Enya nye vlododo, ŋukpe kple dzo; ŋkuwò me nye ketɔwo katã le.


Mezu amedzro na nɔvinyeŋutsuwo, kple ame manyamanya na danyeviwo.


Tete Yuda gblɔ bena: Ŋusẽ vɔ le agbatsɔlawo ŋu, eye anyiglãgoawo sɔ gbɔ akpa, eye míate ŋu aɖo gli la o.


Tete Saul do dɔmedzoe ɖe Yonatan ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Wò nyɔnu tsigbe ƒe vi! Menyae be, ètia Isai vi la, be natsɔ ado ŋukpe ɖokuiwò kple dawo ƒe ama.


Gɔmesese medzea bometsila ŋu o, ke boŋ be, wòaɖe eƒe tamesusu ɖe go.


Ŋutsu ƒe numenya enye tɔ goglo, eye tɔʋu, si le tsotsom kpakakpaka la, enye nunya ƒe vudo.


Ame dzɔdzɔe la léa fu alakpanya; ke ame vɔ̃ɖe la dea dzu kple ŋukpe eɖokui ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite