9 Ame dzɔdzɔewo ƒe kekeli klẽna nyuie; ke eme vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina.
9 Ame dzɔdzɔe ƒe kekeli klẽna nyuie, ke wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi.
Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.
elabena ŋu nyui kegbe meli na ame vlowo o, eye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi atsi.
Amesi ado ɖiŋu na fofoa kple dada la, eƒe akaɖi atsi le blukɔ tsiɖitsiɖi me.
Amenuvela, nublanuikpɔla kple dzɔdzɔetɔ nye kekeli dze na nuteƒewɔlawo le viviti me.
Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.
Eye abunetɔwo gblɔ na aɖaŋudzelawo bena: Mina miaƒe ami la ɖe mí, elabena miaƒe akaɖiwo le tsitsim.
Matsɔ to ɖeka ana via, be akaɖi nakpɔtɔ na Dawid le ŋkunye me ŋkekeawo katã le Yerusalem du, si metia na ɖokuinye, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo eme la ta.
esime eƒe akaɖi klẽ ɖe tanye me, eye meno eƒe kekeli me hezu to viviti me la:
Zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi mehetsina, eye woƒe gbegblẽ mehevaa wo dzi o? Emãa woƒe gome na wo le eƒe dɔmedzoe me,
Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe de viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.
Kesinɔnu ame tsɔna ɖea eƒe agbee; ke ame dahe mesea ŋɔdzidonyaa ɖeke o.
Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le emesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.
Ne mena nuwò yi la, matsyɔ nu na dziŋgɔli, eye eƒe ɣletiviwo ata ahovɔ; alilikpo atsyɔ ɣe dzi, eye dzinu magaɖi o.
Nukaŋuti mía fofo ŋkɔ atsrɔ̃ le eƒe ƒome la me, le esi viŋutsu mele esi o ta? Eyata na anyigba mi ɖe mia fofo nɔviwo dome.