Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 13:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.

Gade chapit la Kopi




Lododowo 13:4
26 Referans Kwoze  

Veviedola ƒe asi aɖu fia; ke kuviatɔ adzɔ nu.


Amesi de eƒe agble la, akpa abolo fu; ke amesi le nu ƒuƒluwo yome dim la, tagbɔ meli nɛ o.


Amesi wɔa alɔgblɔlɔ le dɔ ŋu la, ado ko, ke veviedolawo ƒe asi hea kesinɔnu vɛ.


Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.


Ŋubiala ɖɔa dzre, ke amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woaɖi ƒo nɛ taŋ.


Ke míele didim vevie bena, mia dome amesiame naɖe veviedodo ma ke afia le mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu la ŋuti,


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Woayra amesi ɖoa tom hedzɔa nye ʋɔtru nu gbesiagbe, eye wòkpɔa nye agbo ƒe agbalinu dzi.


ekema Yehowa akplɔ wò ɖaa, eye wòaɖi ƒo na wò le kuɖiɖinyigba dzi, aɖe agbe wò ƒuwo me, eye ànɔ abe abɔ, si wode tsii, kple tsidzɔƒe, si ƒe tsiwo memiena o la ene.


Kuviatɔ be: Gbeɖela le xexe, dzata le kpɔdome.


Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.


Ameka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ke, eye ameka axlẽ Israel ƒe akpa enelia? Maku abe ame dzɔdzɔewo ene, eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!


Wo kuviatɔ, yi anyidi gbɔ, kpɔ eƒe nuwɔna ɖa, eye nadze nunya!


Kuviatɔ memea eƒe adelã o; ke veviedodo la nu xɔasi wònye na amegbetɔ.


Amesi kpɔa eƒe nu dzi la, dzraa eƒe luʋɔ ɖo; ke amesi ke eƒe nuyiwo la, gbegblẽ aɖi kpee.


Ame dzɔdzɔe la léa fu alakpanya; ke ame vɔ̃ɖe la dea dzu kple ŋukpe eɖokui ŋu.


Kuviatɔ be, yemade agble le kele me o, eyata wòdia nu le nuŋeɣi doa kpoe.


Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ; ke amesi tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.


Kuviatɔ ƒe nudzodzro wunɛ, elabena eƒe asi gbe dɔwɔwɔ.


Gbemagbe ke Isak ƒe dɔlawo va gblɔ nɛ le vudo, si woɖe la ŋuti be: Mieke ɖe tsi ŋu!


eye wòtrɔ va Yosua gbɔ gblɔ nɛ bena: Aʋakɔ blibo la megayi afima o, ke boŋ ame akpe eve alo akpe etɔ̃ ko neyi ɖasi Ai; mele vevie be, aʋakɔ blibo la nayi o, elabena womesɔ gbɔ o.


Mele kuviatɔ ƒe agble kple ame manyanu ƒe weingble ŋu yi.


Eye kpɔ ɖa aŋɔka yɔ eme taŋ, gbe to ɖe eme, eye eƒe kpegliwo mũ.


Meɖe nye avɔwo ɖi, ɖe magatsɔ wo ataa? Meklɔ nye afɔwo, ɖe magaƒo ɖi woa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite