Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 13:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Amesi kpɔa eƒe nu dzi la, dzraa eƒe luʋɔ ɖo; ke amesi ke eƒe nuyiwo la, gbegblẽ aɖi kpee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ame si dzɔa eƒe nuyiwo ŋuti la dzɔa eƒe agbe ŋuti, ke ame si kea nu kabakaba la atsrɔ̃.

Gade chapit la Kopi




Lododowo 13:3
18 Referans Kwoze  

Amesi dzraa eƒe nu kple aɖe ɖo la, dzraa eƒe agbe ɖo tso hiã me.


Ku kple agbe le aɖe si me, amesi dze xɔlɔ̃e, aɖu eƒe kutsetsewo.


Bometsila ƒe nu enye eƒe gbegblẽ, eye eƒe nuyiwo nye mɔ na eya ŋulɔ ƒe agbe.


Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun.


Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o, ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.


Amesi nye sakplitɔ le yiyim la, nua go nya ɣaɣla; eyata megaɖe ha kple nu kpoli ƒola o.


Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.


Nuyiwo ƒe ɖaɖaƒu enye mɔ̃ na vɔ̃ɖitɔ la; ke ame dzɔdzɔe sina le hiã nu.


Amekae le agbe dim, amesi lɔ̃a ŋkeke geɖe, be yeakpɔ dzɔ gbenyuie?


Yehowa, ɖo dzɔla na nye nu, eye nabu nye nuyiwo ƒe mɔnu ŋu!


Nunyalawo dzraa sidzedze ɖo; ke bometsila ƒe nu te ɖe gbegblẽ ŋu.


Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.


Eɖo ŋu ne bena: Ne wotsɔ ka yeye, si mede naneke ŋu haɖe o la, biam la, ekema magbɔdzɔ, eye mazu abe ame bubuwo ke ene.


Tete wògblɔ eƒe dzime-nyawo katã nɛ bena: Talũhɛa ɖeke ɖeke medea nye ta ŋu o, elabena Mawu ƒe klue menye tso danye ƒe da me ke. Ne wolũ ta nam la, ekema nye ŋusẽ ado le ŋunye, eye magbɔdzɔ azu abe ame bubuwo katã ene.


Amesi nunya le tagbɔ na la, xɔa sedede na eɖokui: ke bometsila si glãgbɔ li na la, ɖea eɖokui gbegblẽ me.


Bometsila ƒe nu enye ameƒoti hena eƒe dàda; ke nunyalawo ƒe nuyi kpoa wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite