Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ame ƒe nu ƒe kutsetse wotsɔna ɖua nu nyui; ke ame mawɔnuteƒewo ƒe dzodzro enye ŋutasesẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ame ƒe nu ƒe kutsetsee wòtsɔna ɖua nu nyuiwoe, ke nuteƒemawɔlawo ƒe dzi tsi dzi ɖe nu vlo wɔwɔ ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Lododowo 13:2
16 Referans Kwoze  

Amegbetɔ ƒe nu ƒe kutsetse hea nyui vana nɛ taŋtaŋ, eye nusi ame ƒe asi wɔ la, eya gbugbɔna vana nɛ


Ŋutsu ƒe nu ƒe kutsetse aɖi ƒo na eƒe ƒoɖo, eye eƒe nuyiwo ƒe nukpɔkpɔ aɖi ƒo nɛ.


Agbevudo enye ame dzɔdzɔe ƒe nu, ke ŋutasesẽ yɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me.


eyata woaɖu woƒe zɔzɔme ƒe kutsetsewo, eye woƒe aɖaŋuɖeɖewo neɖi ƒo na wo.


Nena dzoka nadza ɖe wo dzi, netsɔ wo ƒu dzo kple ʋe me, be womegafɔ akpɔ o.


Elabena woɖua nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe abolo, eye wonoa sesẽnuwɔwɔ ƒe wein.


elabena wòtrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe nu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema.


Elabena ŋuta, si wosẽ le Libanon ŋu la, ava ddiwò, eye lã, siwo wotsrɔ̃ la, aɖo ŋɔdzi na wò le ameʋu, si nekɔ ɖe anyi, kple ŋuta, si nèsẽ le anyigba kple du la kpakple emenɔlawo katã ŋu la ta.


Elabena esi nèha dukɔ geɖewo la, eyata dukɔwo ƒe susɔeawo katã aha wò le ameʋu, si nèka ɖe anyi, kple ŋuta, si nèsẽ le anyigba kple ɖu la kpakple emenɔlawo katã ŋu la ta.


ke boŋ Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la; eyae bɔbɔa amesi ɖe anyi, eye wòdoa ame keme ɖe dzi.


Woawo la woawo ŋutɔ ƒe ʋu ŋue wole xa ɖem ɖo, eye woawo ŋutɔ ƒe agbe ŋue wole adeklo dzi ɖo.


Ku kple agbe le aɖe si me, amesi dze xɔlɔ̃e, aɖu eƒe kutsetsewo.


Miede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble, miexa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, eye mieɖu alakpakutsetse; elabena èle dzi ɖom ɖe wò tasiaɖamwo kple wò aʋawɔla gbogboawo ŋu.


Ame dzɔdzɔewo ƒe didi enye dzɔgbenyuie ɖeɖe sɔŋ; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ enye dziku.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite