Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 11:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Fɔmaɖi enye nuteƒewɔlawo kplɔla; ke alakpa tsrɔ̃a ame mawɔnuteƒewo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ame dzɔdzɔewo ƒe ta me nyui ɖoɖo kplɔa wo, ke nuteƒemawɔlawo la, woƒe dzi me eve susu tsrɔ̃a wo.

Gade chapit la Kopi




Lododowo 11:3
13 Referans Kwoze  

Dzɔdzɔenyenye kpɔa amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la ta; ke nu tovo wɔwɔ ƒua nu vɔ̃ɖi wɔlawo anyi.


Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, woakpe ɖe eŋu; ke amesi toa mɔ gɔglɔ̃ dzi la, adze anyi zi ɖeka


Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na; ke eƒe dzi nyrãna ɖe Yehowa ŋu.


Dawid tɔ. Tso afia nam, Yehowa, elabena fɔɖiɖi mele nye zɔzɔme ŋu o, eye meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã o!


Fɔmaɖimaɖi kple dzadzɛnyenye nakpɔ tanye, elabena mele mɔ kpɔm na wò.


Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.


Megawu nu vɔ̃ɖi wòagbɔ eme o, eye meganye bometsila o; nukaŋuti nẽbe, yeaku, hafi azã nava de?


Ame maɖifɔ ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ na; ke ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ tsɔnɛ ƒua anyi.


Woagbã godzelawo kple nuvɔ̃wɔlawo siaa nyanyanya, eye amesiwo trɔ le Yehowa yome la nu ayi.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe sesẽnuwɔwɔ tsrɔ̃a wo; elabena wogbea nusi dzɔ la wɔwɔ.


ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.


Yehowa ƒe ŋkuwo dzɔa sidzedze ŋu; eye wòtrɔa gbo ame dzegowo ƒe nyawo.


Eye wowu Midian-fia atɔ̃awo, siwo nye: Evi, Rekem, Zur, Xur kple Reba la, kpe ɖe ame bubuawo ŋu; eye wowu Bileam, Beor vi, hã kple via.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite