12 Fuléle dea dzre aƒe, ke lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.
12 Fuléle hea mama vɛ, gake lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.
Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.
Amesi ɖia dziɖaɖa ɖe to me la, ele lɔlɔ̃ dim, ke amesi hea nya xoxo ɖe go la, klãa xɔlɔ̃wo dome.
Dɔmedzoetɔ ɖɔa avu, ke tufala tsia dzre nu.
nena woanyae bena, amesi trɔa nuvɔ̃wɔla tsoa eƒe mɔtatra me la, laxɔ luʋɔ ɖe agbe tso ku me, eye wòatsyɔ nu nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.
Afika aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ, siwo le mia dome la tsoa? Ɖe menye afima wotso, tso miaƒe nudzodzro, siwo wɔa aʋa le miaƒe ŋutinuwo me la me o mahã?
Ŋubiala ɖɔa dzre, ke amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woaɖi ƒo nɛ taŋ.
Yakame tia dzɔgbevɔ̃e yome, eye dzo binu le eƒe nuyiwo me.
Dɔmedzoetɔ dea dzre aƒe, eye dzikutɔ ɖaa vo geɖe.
Elabena, ne woƒo notsi le eye ami dona, ne wofiã ŋɔti sesie la, eye ʋu dona, eye ne wofiã dɔmedzoe sesie la, eye dzre dzɔna.