Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 elabena seƒoƒotsihe nyui wonye na wò la kple kɔgɛ na wò kɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò ta kple kɔga anɔ kɔwò.

Gade chapit la Kopi




Lododowo 1:9
16 Referans Kwoze  

Tete Belsazar de se be, woata aɖahɛ na Daniel, woatsɔ sika kɔsɔkɔsɔ ade kɔ nɛ, eye woado kpo le eŋgɔ be, eyae nye dziɖula etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.


Aɖɔ seƒoƒotsihe nyui ɖe la na wò, eye woana fiakuku dzeani wò.


ekema woanye agbe na wò kple atsyɔ̃ɖonu na wò kɔ.


Eye Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ do na Yosef, eye wòdo aklalabiɖibiɖiwu nɛ, eyome wòtsɔ sikakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ.


meɖo atsyɔ̃ na wò, meɖe abɔgɛ abɔ na wò, eye mede kɔgɛ kɔ na wò;


togɛwo, abɔkpowo kple moxevɔwo,


Dzonu le tonu na wò nyuie, eye adzagba le kɔ na wò.


Mese le ŋuwò be, èɖea nu gɔme, eye nèdea nya manyatanuwo gɔme. Ne ete bu xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye nède egɔme nam la, àta aɖabɛ, àdo sika kɔsɔkɔsɔ ɖe kɔ, eye ànye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Tete fia la do ɣli sesĩe be, woayɔ bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple dzotɔwo vɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Babel-nunyalawo bena: Amesi axlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye wòaɖe egɔme nam la, woata aɖabɛ nɛ, woade sika kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ, eye wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, ègblẽ tame nam, ètsɔ wò nukpɔkpɔ kple kɔsɔkɔsɔ, si le wò kɔdzonuwo me, gblẽ tame nam.


Eyata dada enye woƒe kɔdzonu, eye wotsyɔ ŋutasesẽ abe avɔ ene.


Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi;


Mieɖo to mia fofo Yonadab, Rexab vi ƒe gbe le nusiwo katã ŋu wòde se na mí le me, ale be mía kple mía srɔ̃wo, mía ŋutsuviwo kple mía nyɔnuviwo míeno wein le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite