Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Lododowo 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 ne nunyala nasee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi, eye mɔ sɔsɔe nasu nugɔmesela si;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 nunyalawo neɖo to, ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋu eye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu,

Gade chapit la Kopi




Lododowo 1:5
18 Referans Kwoze  

Amesi lɔ̃a amehehe la, elɔ̃a sidzedze; ke amesi léa fu mokaname la, gbemelãe.


Na nu nunyala, eye wòaganya nu ɖe dzi; fia nu ame dzɔdzɔe, eye wòadzi eƒe nunyanya ɖe dzi.


Nunyalawo mele egblɔm na — mibu nusi gblɔm mele la me kpɔ:


Ne nunya le asiwò la, ekema se nya siawo, eye nalé to ɖe nye nyawo ƒe ɖiɖi ŋu!


Eyata, mi ŋutsu nunyalawo, milé to ɖe ŋunye! Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ;


Nugɔmeselawo kple nunyala, siwo le to ɖomem la agblɔ nam be:


Eye esi wòƒo nu kplii la, egblɔ nɛ bena: Wòe mietsɔ ɖo fia ƒe aɖaŋuɖolaea? Dzudzɔ, ne menye nenem o la, woaƒo wò. Eye nyagblɔɖila la dzudzɔ hegblɔ bena: Menyae be, Mawu ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò, le esi nèwɔ nusia, eye mèɖo to nye aɖaŋuɖoɖo o ta.


Fewuɖula le nunya dim ʋuu do kpoa; ke sidzedze le bɔbɔe na nugɔmeselawo.


Eye megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele alo ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖudukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔbpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nudiɖeame li na wo katã.


Milé ŋku ɖe wo ŋu, eye miawɔ wo dzi, elabena woawo nye miaƒe nunya kple gɔmesese le dukɔwo ŋku me, amesiwo ne wose ɖoɖo siawo katã la, woagblɔ bena: Ahã, dukɔ sia enye ame nyanuwo kple nugɔmeselawo vava!


Mi nunyalawo, mise nye nyawo, eye mi nugɔmeselawo, milé to ɖe ŋunye!


Miɖo to amehehe, ne miadze nunya, eye migagbee o.


Megaka mo na fewuɖula, ne wòalé fu wò o, ka mo na nunyala boŋ, eye alo wò.


Nugɔmesela ƒe dzi kpɔa sidzedze, eye nunyala ƒe to dia sidzedze yome.


Ne èƒo fewuɖula la, ekema eme bebewu adze nunya; ne woke mo na nugɔmesela la, ekema adze si nu.


Ne wohe to na fewuɖula la, ekema amebebewu dzea nunya; ke ne wofia nu nunyala la, edzea si nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite