Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 9:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Efrayim ƒe ŋutikɔkɔe adzo abe xevi ene, vidzidzi kple fulɔfɔa ɖeke manɔ anyi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Efraim ƒe ŋutikɔkɔe dzo, dzo abe xevi ene, eya ta womadzi vi o, womafɔ fu o, eye womado fu hã o

Gade chapit la Kopi




Hosea 9:11
18 Referans Kwoze  

Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le Bet-Awen ƒe nyivi la ŋuti; elabena esubɔlawo le nu xam le eta, eye eƒe trɔ̃nuawo le dzodzom nyanyanya, le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ ta.


Yehowa, nuka nana wo ma? Na dɔ tsikɔ kple no ƒuƒu kplalɛ wo.


Alesi wosɔ gbɔ ɖe edzii la, nenemae wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunyee; eyata matrɔ woƒe bubu wòazu ŋukpe.


Aɖi wò dɔmevi kple wò agblemenukuwo kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo ŋu.


Elabena kpɔ ɖa, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me woagblɔ bena: Woayra konɔwo kple dɔ, siwo medzi vi o, kple no, siwo mena notsi kpɔ o la.


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Amon-viwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe; ake wo o; elabena wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.


Ne amea ɖe dzi vi alafa, enɔ agbe ƒe geɖe, eƒe agbe me ŋkekewo sɔgbɔ, gake meɖi ƒo ɖe nu nyuiawo ŋu o, eye ameɖiƒea ɖeke mesu esi o la, mele gbɔgblɔm be, fu gege nyo wu eyama.


Wo nu ayi abe tsi sisi ene; eye ne eda eƒe aŋutrɔwo la, woanɔ abe ɖe wo nu tsi kpo ene.


Ke ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi tsina, eye eƒe dzoƒaɖe meklẽna o.


Edze ɖeka abe eƒe nyitsu ŋgɔgbea ene, eye eƒe dzowo le abe to ƒe dzowo ene. Woawo wòtsɔ tu dukɔwo ƒu anyi vaseɖe anyigba seƒewo ke. Esiawo nye Efrayim ƒe ame akpe nanewo kple Manase ƒe ame akpeawo.


ɖe amenɔ, si le eƒe atawo domee, kpakple via, siwo wòdzi la ŋu, eye woaɖu wo le adza me le hiã, si tui le nuwo katã me la la, elabena wò futɔwo aɖe to ɖe wò, eye woaxaxa wò ɖo ɖe wò duwo katã me.


Ati fẽ enye Yosef, ali fe le vudo to, eye wòɖe ala ɖe gli dzi.


Eye wòna ŋkɔ evelia be Efrayim; elabena egblɔ be: Mawu na medzi ɖe dzi le afisi mekpe fu le la.


Efrayim ƒe mɔ̃ kple Damasko ƒe fiaɖuƒe nu ayi, eye Aram ƒe ame susɔeawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israel-viwo tɔ ene, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Efrayim azu gbegbe le tohegbe; nusi megblɔ ɖe Israel ƒe toawo ŋu la, le eteƒe.


Ke Saul vinyɔnu Mixal tsi ko vaseɖe eƒe kugbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite