Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 8:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena yae woƒã, eye ahom woaxa, vvoƒe nukuwo mamie o; ahɔ̃liti matse ku o, ne eme hã la, ame tutɔwo aɖui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 “Woƒã ya, eya ta woaŋe ahomya. Woƒe bliwo magbã ahadza o, eya ta ahɔ̃litiwo matse ku o, eye ne bli anɔ blitikpui aɖewo ŋu hã la, amedzrowo ahae aɖu.

Gade chapit la Kopi




Hosea 8:7
22 Referans Kwoze  

Amesi ƒãa nu madzɔmadzɔ la, axa dzɔgbevɔ̃e; eye eƒe dɔmedzoe ƒe toheti atsrɔ̃ eya ŋutɔ.


Le nye nukpɔkpɔ nu la amesiwo ŋlɔa dzɔgbevɔ̃e hetsɔa agbagbadzedze ƒãna la, woawoe xanɛ ha.


Migable mia dokui o; Mawu menana wòdoa hehe de eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.


Yehowa gbɔa dzi ɖi blewu, eye ŋusẽ gã le esi, ke megbea tohehe o. Yehowa ƒe mo to ahom kple ya ʋuduʋudu me, eye alilikpowo nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi.


Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, ke medze sii o; eƒe ta ƒo wɔ, ke menyae o.


Ati eƒe ahiãviwo yome, ke eƒe asi matu wo o; adi wo, ke makpɔ wo o; eye wòagblɔ be: Matso agbugbɔ yi srɔ̃nye tsãtɔ gbɔ, elabena eme nyo nam tsã wu fifia.


Woƒã lu, ke ŋu woaxa, woku kutri, ke viɖe manɔ eme na wo o; ale ŋu akpe mi ɖe miaƒe agblemenuwo ŋu le Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli la ta.


Elabena kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna le dzo me, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, ne woaɖo eteƒe le eƒe dɔmedzoe ƒe dziku me, eye wòablu le dzoƒaɖe me.


Gbesigbe nedoe la, ètɔ kpɔ ɖe eŋu, eye esi ŋu ke la, èna wò nukuawo ƒo se, ke nuŋeɣi la ʋu ya le takpegbe kple veve heliheli segbe.


Eɖu eƒe ŋkekewo kalã le viviti, dzibibi geɖe, fukpekpe kple dziku me.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Eŋɔli Asur-fia Pul va dze anyigba la dzi, eye Menaxem tsa klosalo talento akpe ɖeka na Pul, be woakpe ɖe ye ŋu, ne fiaɖuɖu la nali ke ɖe ye si me.


Dukɔ, si menya o la, aɖu wò agblemenuwo kple nusiwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, wòase ŋuta le ŋuwò ɣesiaɣi, eye woate wò ɖe anyi.


Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.


Nuka ta miebe, yewoaxlẽ ga ɖe nusi menye abolo o la ta, eye miawɔ dɔ ɖe nusi meɖia ƒo o la ta? Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu.


Míaƒe domenyinu ge ɖe amedzrowo si me, eye míaƒe aƒewo ge ɖe ɖu bubu me tɔwo si me.


Ati ŋɔɖua enye Efrayim, woƒe kewo ayrɔ, eye womatse ku o; ne wobe, yewoadzi vi hã la, mawu woƒe dɔmevi, siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o.


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Wo yome la liŋɔ adre, siwo pepi lé wo wòlé bu, eye wotsi to nu la do.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite