Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 8:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Tsɔ kpẽ ɖo nu! Egbɔna Yehowa ƒe aƒe la dzi abe hɔ̃ ene! Elabena wotu nye nubabla la, eye wosẽ to de nye seawo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “Mitsɔ kpẽ la ɖo nu! Egbɔna abe hɔ̃ ene ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, elabena wotu nye nubabla la hetsitre ɖe nye seawo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Hosea 8:1
34 Referans Kwoze  

Ke woawo tu nyee nubabla la abe Adam ene, eye wotrɔ ʋu le yonyeme le afima.


Yehowa akplɔ dukɔ, si ƒe gbe mèsena o la, tso didiƒe le anyigba seƒe ke, abe alesi hɔ̃ dzona ene, ava de wò;


Miku lãdzo le Gibea, eye miku kpẽ le Rama! Mido aƒa le Bet-Awen be: Benyamin, kpɔ megbewò!


Kpɔ ɖa, eho gbɔna abe alilikpo ene, eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, eye eƒe sɔwo ɖia ɖu wu hɔ̃; baba na mí, elabena míetsrɔ̃.


Eƒe sɔ wo ɖi ɖu wu lãkle, eye woƒe afɔ, wo tsɔ wu famegãxi le zã me, eƒe sɔdolawo le zi nyẽm, didiƒe ke eƒe sɔdolawo tso, eye wole dzodzom abe hɔ̃, si le abla ɖem ɖe nuɖuɖu ŋu la ene.


kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ miaƒe nɔnɔme.


Afisi ke nu kuku le la, afima hawo ƒoa ƒu ɖo.


Libanon, ʋu wò agbowo, ne dzo nafiã wò sedertiwo.


Yehowa ado ɖe wo ta me, eye ele aŋutrɔ alũ ʋɔ abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ, eye wòanɔ dziehe ƒe ahom me ave yi.


lãdzo- kple kpẽkugbe wòanye ava du sesẽwo kple xɔta kɔkɔwo dzi.


Eye mekpɔ Aƒetɔ la wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la dzi gblɔ bena: Ŋe kɔ le sɔtiawo nu, ne kpuiawo nadzo kpekpekpe, eye nagbã wo ɖe wo katã ƒe ta dzi! Matsɔ yi awu wo viwoe, wo dometɔa ɖeke masi o, eye amea ɖeke makpɔtɔ o.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atso wo, aƒu gbe ɖe teƒewo katã.


Ɖe wokua kpẽ le du me, eye vɔvɔ̃ gbea amewo ɖoɖoa? De dzɔgbevɔ̃e dzɔna le du me, eye menye Yehowa ye wɔe oa?


Miku kpẽ le Zion, mido aƒa le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, etu aƒe!


Wowɔ woƒe nu vɔ̃ɖiwo katã le Gilgal; afima melé fu wo le le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta; manyã wo atso aƒenye me, eye nyemagalɔ̃ wo azɔ o; woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.


Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nèdo vlo atam la, eye netu nubabla la, eye mewɔ na wò, abe alesi nèwɔ ene hã la,


Woku kpẽ, eye wo katã wobla akpa, ke amea ɖeke meho yi aʋa o, elabena nye dɔmedzoe va woƒe amehawo katã dzi.


Mitu aflaga ɖe anyigba dzi, miku kpẽ le dukɔwo dome, mikɔ dukɔwo ŋu ɖe eŋuti, miyɔ fiaɖuƒewo ɖe eŋuti tso Ararat, Mini kple Askenas, miɖo aʋafiawo ɖe eŋuti, eye mikplɔ sɔwo vɛ abe ʋetsuvi tofuwo ene!


Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Futɔ la adzo abe hɔ̃ ene, eye wòake aʋala ɖe Moab dzi!


Manɔ abe nusi mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, nubabla, si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe;


Mi Benyamin-viwo, misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa, eye mitu aflaga ɖo Bet-Hakerem; elabena dzɔgbevɔ̃e kple gbegblẽ gã tso anyiehe gbɔna.


Migblɔe fia le Yuda, eye miɖe gbe ƒãe le Yerusalem be: „Miku kpẽ le anyigba la dzi!“ Mihe vekati míado ɣli be: „Miƒo takpli, eye mina míayi du sesẽwo me!“


He vekati nado ɣli, megadzudzɔ o! Wò gbe nede dzi abe kpẽ ene, eye nagblɔ nye dukɔ ƒe vodada nɛ kple Yakob ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo nɛ!


Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda seawo dzi, wòto vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu nubabla mavɔ la.


Mi xexea me nɔlawo katã kple anyigbadzitɔwo, ne wotu aflaga ɖe towo dzi la, miakpɔe, eye ne woku kpẽ la, miasee!


Rabsake ɖo ŋu na wo bena: Ɖe wobe, mia kple wò aƒetɔ gbɔe nye aƒetɔ la dom ɖo, be magblɔ nya siawoa? Ɖe menye ŋutsu siawo, siwo na klotinu le glia dzi, be woaɖu woawo ŋutɔwo ƒe mi, eye woano woƒe aɖuɖɔ kple mi la, gbɔe oa?


Miku kpẽ le Zion, miɖo nutsitsiɖɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe!


Eye mawo ŋutsu, siwo tu nye nubabla la, amesiwo mewo nusi wobla le ŋkunye me ƒe nyawo dzi o la, abe nyivi, si me wote ɖe eve, eye woto eƒe akpaawo dome yi la ene.


Kpɔ ɖa, egbɔna abe hɔ̃ ene, eye wòadze akeke eƒe aʋala ɖe Bozra dzi, eye Edom-kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene.


gblɔ bena Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Hɔ̃ gãa ɖe, si ƒe aʋalawo lolo, eƒe aʋalafuwo didi, eye wòto fu ŋɔŋɔe kpoyoo la, va Libanon dzi, eye wòŋe sederti ƒe domee dzoe.


Eyata gblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, amevi, gblɔ nya ɖi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite