Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 7:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ahasitɔwowo katã wonye, wole abe kpo, si me aboloƒola do dzo ɖo ene; ne eblu amɔwɔ la, edzadzɔa dzoa tutu ɖo, vaseɖe esime wòaʋã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Wo katã wonye ahasitɔwo sɔŋ. Abe ale si abolomela doa kpodzo wòbinae va se ɖe esime eƒe abolomɔ la ho hafi wòlɔnɛ ene la, nenema ke ame siawo ƒe dzi nɔa bibim ɖe ahasiwɔwɔ ŋu.

Gade chapit la Kopi




Hosea 7:4
10 Referans Kwoze  

Yehowa be: Wotsɔa alakpa vua woƒe aɖekawo mee abe dati ene, eye menye nyateƒetotoe nana wokpɔa ŋusẽ le anyigba dzi o. Elabena wohona tsoa vodada gbɔyia vodada gbɔ, ke nye la, womedzea sim o.


Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.


Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome.


Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔ̃dodo tsiã ɖe wo nɔewo nu.


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


Elabena ahasitɔwo yɔ anyigba la dzi fũ, fiƒode na nu ti ka na anyigba la, eye gbegbe ƒe lãnyiƒewo ƒu, elabena woƒe zɔzɔme enye vɔ̃, eye woƒe kalẽwɔwɔ mele eteƒe o.


Ne woɖu nu la, maɖi ƒo na wo o, eye ne wowɔ ahasi la, womadzi ɖe edzi o, elabena wodzudzɔ ŋkuléle ɖe Yehowa ŋu.


Oo, ɖe wònye dzeƒee le asinye le gbegbe la, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi, eye míaʋu tso wo gbɔ! Elabena ahasiwɔla kple ame tovowo ƒe ha wo katã wonye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite