Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 7:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Efrayim le abe ahɔne tsibome, si nunya mele tagba na o la ene: wole Egipte yɔm, eye woyi Asur.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 “Efraim le abe ahɔnɛ movitɔ aɖe ene, eyɔa Egipte be wòakpe ɖe ye ŋuti, eye wòdzona yia Asiria.

Gade chapit la Kopi




Hosea 7:11
25 Referans Kwoze  

Efrayim tsɔ alakpadada ɖe to ɖem, eye Israel ƒe aƒe la tsa amefuflu ɖe to ɖem, ke Yuda gale eɖokui trɔm ɖe tsiƒo agbaƒo na eƒe Mawu, na kɔkɔetɔ nyateƒetɔ la ko.


Efrayim kpɔ dɔléle, si le eŋu, eye Yuda kpɔ eƒe abiwo; tete Efrayim yii Asur, eye wòdɔ ame do ɖe fia Yareb; ke mate ŋu ada gbe te mia ŋu o, eye mayɔ dɔ miaƒe abiwo o.


Woadzo tso Egipte abe xeviwo ene, eye abe ahɔnewo ene tso Asur-nyigba dzi, eye mana woanɔ woƒe aƒewo me; Yehowa ye gblɔe.


Amatrewɔwɔ, wein kple aha yeye ɖe wòɖoa lã ame.


Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.


Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!


Nukaŋuti nèwɔ kaba, be natrɔ wò azɔlime? Ŋu akpe wò ɖe Egipte hã ŋu, abe alesi ŋu kpe wò ɖe Asur ŋui ene.


Azɔ nya ka le mia kple Egipte-mɔ dome, be naɖano Nil me tsi? Eye nya ka le mia kple Asur-mɔ dome, be naɖano Frat me tsi?


Nukata bometsila lé ga ɖe asi be, yeaƒle nunyae, evɔ tagbɔ mele esi o ɖe!


Amesi gbea amehehe la, edoa vlo eya ŋutɔ ɖokui; ke amesi sea mokaname la, adze nunya.


Gake amesi wɔ ahasi kple nyɔnua ɖe la, tagbɔ gbegblẽtɔ wonye; amesi le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe la, eyae wɔa ale nusia tɔgbe.


Eŋɔli Asur-fia Pul va dze anyigba la dzi, eye Menaxem tsa klosalo talento akpe ɖeka na Pul, be woakpe ɖe ye ŋu, ne fiaɖuɖu la nali ke ɖe ye si me.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.


Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo, be womagatrɔ ɖe woƒe Mawu ŋu o, elabena ahasiwɔgbɔgbɔ le wo me, eye womedze si Yehowa o.


Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte.


Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Mof aɖi wo. Dza ato ɖe woƒe klosalonu veviwo dzi, eye aŋɔka amie ɖe woƒe agbaɖɔwo me.


Tete Axaz dɔ ame ɖo ɖe Asur-fia Tiglat-Pileser, ne woagblɔ nɛ bena: Wò dɔla kple viwò menye, va, ne naɖem tso Aram-fia kple Israel-fia, amesiwo tso ɖe ŋunye la si me.


Efrayim melɔ̃a nu le ya gbɔ o, eye wòtia ɣedzeƒeya yome; ele alakpadada kple ŋutasesẽ dzim de dzi gbesiagbe, eɖua dzo kple Asur, eye wòɖoa ami ɖe Egipte.


Wò dzoɖuxɔlɔ̃wo katã nyã wò vaseɖe liƒo dzi ke, xɔ̃wòwo ble wò, eye wokpe dziwò; wò aboloɖulawo ɖo mɔ̃ ɖe tewò, ke mèdze sii o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite