Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 7:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Israel ƒe dãda le ɖase dim ɖe mo nɛ kaŋ; ke wometrɔ ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu o, eye womedi eyome mɔ le nusiawo katã me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti; esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la, metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la gbɔ be yeadii o.

Gade chapit la Kopi




Hosea 7:10
18 Referans Kwoze  

Israel ƒe dàda aɖi ɖase ɖe mo nɛ kem Israel kple Efrayim adze anyi le woƒe vodadawo la, eye Yuda hã adze anyi akpe ɖe wo ŋu.


Eye Yehowa tsrɔ̃ la kple asike, deʋaya kple keti ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi.


Amea ɖeke meli, si nya nu o, amea ɖeke meli, si biaa Mawu ta sena o!


Miganɔ abe mia fofowo ene o; wo amesiwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na bena: Yehowa Zebaot be: Miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo kple nuwɔna vɔ̃ɖiwo ŋu! Ke wogbe toɖoɖo, eye womelé ŋku ɖe ŋunye o, Yehowa ye gblɔe!


Wo kalã le bibim abe kpo ene, eye woflã woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, woƒe fiawo katã dze anyi, eye wo dometɔa ɖeke meyɔm o.


Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí.


Woklo tsidzadza, eye keletsi hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo li na wò, eye ŋu gbe wò kpekpe.


Ne èɖe bometsila kple bli to me hetsɔ tati toe la, eƒe bometsitsi mado le eŋu akpɔ o ɖe!


Ahunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me bena: Mawua ɖeke meli o! Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo le nu tovo wɔwɔwo me. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o.


Yehowa ɖe ŋku ɖe amegbetɔviwo tso dziƒo, ne yeakpɔ be, amea ɖe dze nunya, eye wòblaa Mawu ta sena hã?


Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi.


eye matsrɔ̃ amesiwo trɔ le Yehowa yome, kple amesiwo medi Yehowa alo bia eta se kpɔ o la siaa.


Eye dukɔ la metrɔ ɖe amesi ƒoe la ŋu o, eye womedi Yehowa Zebaot yome mí o.


Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite