Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hosea 6:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Efrayim, nuka mawu wò, eye Yuda, nuka mawɔ wò? Elabena míaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 “O, Efraim, nu ka mawɔ na wò, O, Yuda, nu ka mawɔ kpli wò?

Gade chapit la Kopi




Hosea 6:4
19 Referans Kwoze  

Eyata woanɔ abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene, abe tsro, si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe, kple dzudzɔ, si toa fesre nu ene.


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu.


Miawo mietrɔ egbe siawo, eye miewɔ nusi nyo le ŋkunye me, be miede gbe ƒã ablɔɖe na mia haviwo, eye miebla nu le ŋkunye me le aƒe, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me.


Aŋutrɔ wuame enye woƒe aɖe, eye wodaa alakpa; wotsoa woƒe aɖe gblɔa nya fafɛ na wo havi, ke aye le woƒe dzi me.


Ke dzi dzeaglã sẽto li na dukɔ sia, wote ɖe aga helé woƒe mɔ tsɔ;


Yehowa be: Ɖe nyemahe to le esia ta, eye ɖe nye luʋɔ mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbe oa?


Aleke màtsɔe ake wò? Viwòwo gblẽm ɖi, woɖakpe ta ɖe gboloxɔ me.


Megblɔ be: Matso wò aɖo viŋutsu teƒe, eye mana anyigba nyo la wò, si nye domenyinu vevietɔ le dukɔwo dome! Mehe. Yɔm be ye fofo, eye megatrɔ le yonyeme o.


Ke to esiawo katã gbɔ hã nɔvianyɔnu Yuda dzego la metrɔ ɖe ŋunye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu, Yehowa ye gblɔe!


Ne mebe, mada gbe le Israel ŋu la, Efrayim ƒe vodadawo kple Samaria ƒe nu vɔ̃di wɔwɔwo dee ta ɖa. Elabena wodaa alakpa, fiafitɔwo dzea kpɔ, eye adzohawo nɔa nu ham le mɔ dzi.


Ke esi Israel-viwo gade asi nusi medze Yehowa ŋu o wowɔ me la, Yehowa do ŋusẽ Moab-fia Eglon ɖe Israel-viwo ŋu, elabena wowɔ nusi medze Yehowa ŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite